Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 22:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke Mawue toto ta me na Axazya, be wòayi Yoram gbɔ. Esi wòva la, eya kple Yoram woho ɖe Yehu, Nimsi vi, amesi Yehowa si ami na, be yeatsrɔ̃ Axab ƒe aƒe la ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Nu sia trɔ zu vodada gã aɖe wòwɔ, elabena Mawu ɖo be yeahe to na Ahazia le eƒe ɖekawɔwɔ kple Yoram ta. Ɣeyiɣi sia mee Ahazia kple Yehoram kpe ɖe Yehu, Nimsi ƒe vi, ŋu le esime wònye Yehue Yehowa ɖo ɖa be, wòatsi Ahab ƒe viwo ƒe fiaɖuɖu nu.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 22:7
18 Mawu Ofanana  

Eye fia la meɖo to dukɔ la o, elabena Yehowae trɔe alea, ne yeawɔ eƒe nya, si Yehowa gblɔ to Silotɔ Axiya dzi na Yerobeam, Nebat vi la dzi.


Ale Yehowa gblɔ esi: Migaho yidawɔ aʋa kple mia nɔvi Israel-viwo o, mia dome amesiame negbugbɔ yi eƒe me, elabena gbɔnyea nya sia tso. Tete wose Yehowa ƒe gbe, eye wòtrɔ dzo le Yehowa ƒe nya la nu.


Si ami na Yehu, Nimsi vi, ne wòanye fia ɖe Israel dzi, eve si ami na Elisa, Safat vi, tso Abel-Mexola, ne wòanye nyagblɔɖila ɖe tewòƒe.


Eye Yehowa gblɔ bena: Ameka ayi aɖaɖu Axab, ne wòaɖatsi aʋa le Ramot le Gilead? Amesi be ale, ame keme be ale.


Eye Yehu wu amesiwo katã kpɔtɔ ɖe Axab ƒe me le Yezreel, eƒe amegãwo katã, xɔlɔ̃awo kple eƒe nunɔlawo, vaseɖe esime amea ɖeke mekpɔtɔ si o.


Tete Yoram gblɔ bena: Tsi sɔ ɖe tasiaɖam ŋu! Eye wotsii ɖe tasiaɖam ŋu, eye Israel-fia Yoram kple Yuda-fia Axazya dome amesiame ɖe eƒe tasiaɖam me, eye woyi Yehu kpe ge: eve wokpɔe Yezreeltɔ Nabot ƒe agble me.


Ke esi Yuda-fia Axazya kpɔe la, esi to abɔ me xɔ ƒe mɔ, eye Yehu ti eyome gblɔ bena: Mité eya hã! Eye wotée ɖe tasiaɖam la me le Gur-togbɛ, si le Yibleam gbɔ la dzi, eye wòsi yi Megido heku ɖe afima.


Ale fia la meɖo to dukɔ la o, elabena Mawue trɔe alea, ne Yehowa nawɔ eƒe nya, si wògblɔ to Silotɔ Axiya dzi na Yerobeam. Nebat vi la dzi.


Tete wògbɔ, be woada gbe le ye ŋu le Yezreel, elabena wode abi eŋu le Rama, esime wòwɔ aʋa kple Aram-fia Xazael. Eye Yuda-fia Axazya, Yoram vi yi, be yeakpɔ Yoram. Axab vi la ɖa le Yezreel, elabena ele da lém.


Dukɔwo ge dze ɖo, si woawo ŋutɔ woɖe la me, eye ɖɔ, si woɖo di la, ɖe woƒe afɔ.


Amegbetɔ ƒe dzi susua eƒe mɔ ŋu; ke Yehowa ye fiaa mɔ eƒe afɔɖeɖe.


nye amesi ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la fia le blema ke gblɔ bena: Nye tame-ɖoɖo ava me, eye mawɔ nye didiwo katã dzi;


Efrayim, legbawo ƒe nya kae tsɔ gbɔnye? Mede toe, eye melé ŋku de eŋu. Sesewu dama menye, dzinye nakpɔ wò kutsetsewo le.


Tanye enye hlɔ̃biabia kple teƒeɖoɖo le gbesigbe woƒe afa ada; elabena woƒe gbegblẽɣi le aƒe tum, eye nusi woɖo ɖe wo ŋu la, le edzi ɖo ge kaba.


Elabena Yehowa gbɔ wòtso be, woƒe dzime sẽ, eye woho aʋa ɖe Israel ŋu, ne woatsrɔ̃ wo gbidigbidi, womave wo nu o, ke boŋ woatsrɔ̃ wo, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Ke fofoa kple dadaa medze sii be, Yehowa gbɔ wotso o; elabena mɔnu dim wòle le Filistitɔwo ŋu. Ɣemaɣi la Filistitɔwoe le Israel-viwo dzi ɖum.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa