Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 22:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Yerusalemtɔwo tsɔ eƒe dɔmlɔea Axazya ɖo fia ɖe eteƒe, elabena adzoha, siwo va asaɖa me kple Arabiatɔwo, wu xoxoetɔwo katã. Ale Yuda-fia Yoram ƒe vi Axazya zu fia.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Yerusalem nɔlawo tsɔ Ahazia, Yehoram ƒe viŋutsu suetɔ ɖo fiae ɖe fofoa teƒe elabena adzoha aɖewo va kple Arabiatɔwo, woge ɖe woƒe aʋasaɖa me eye wowu Via ŋutsu tsitsitɔwo katã. Ale Ahazia, Yuda fia, Yehoram ƒe viŋutsu dze fiaɖuɖu gɔme.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 22:1
12 Mawu Ofanana  

eɖo go Yuda-fia Axazya nɔviŋutsuwo, eye wòbia bena: Amehawo míenye? Woɖo ŋu bena: Axazya nɔviŋutsuwo mienye, eye mieyina, be míado gbe na fia viŋutsuwo kple fiasrɔ̃ ƒe viŋutsuwo.


Eye Yoram, Yuda-fia Yosafat ƒe vi, zu fia le Israel-fia Axab ƒe vi Yoram ƒe ƒe atɔ̃lia me, le Yuda-fia Yosafat ŋɔli.


Eye nyagblɔɖila Elisa yɔ nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ bena: Bla wò ali dzi, eye natsɔ amigoe sia ɖe asi ayi Ramot-Gilead.


eya ƒe vi nye Yoram, eya ƒe vi nye Axazya, eya ƒe vi nye Yoas,


Axazya xɔ ƒe blave vɔ eve, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe ɖeka le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Atalya, Omri ƒe vinyɔnu.


Eye ameha blibo la bla nu kple fia la le mawuƒe me; eye wògblɔ na wo bena: Kpɔ ɖa, fiavie aɖu fia, abe alesi Yehowa gblɔ ɖe Dawid viwo ŋu ene.


Eye Israel-fia Yoas lé Yuda-fia Amazya, amesi nye Axaz vi Yoas ƒe vi la, le Bet-Semes, eye wòkplɔe va Yerusalem; eye wògbã Yerusalem ƒe gli tso Efrayim-gbo la nu vaseɖe dzogoedzigbo la gbɔ, ele abɔklugui alafa ene.


Tete Yuda-dukɔ blibo la tsɔ Uziya, amesi xɔ ƒe wuiade la, ɖo fia ɖe fofoa Amazya teƒe.


Tete dukɔ hahoo la tsɔ via Yosiya ɖo fia ɖe eteƒe.


Eye dukɔ hahoo la tsɔ Yosiya ƒe vi Yoaxaz ɖo fia ɖe fofoa teƒe le Yerusalem.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa