Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 20:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ne dzɔgbevɔ̃e, yi, tohehe, dɔvɔ̃ kple dɔwuame va mia dzi, eye mieva xɔ sia ŋgɔ kple ŋkuwò me, elabena wò ŋkɔ le xɔ sia me, eye mieɖo ɣli na wò le míaƒe xaxa me la, ekema nasée, eye naɖe mí!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 eye woxɔe se be, le ŋɔdziɣi abe esia ene la, ne nukpekeamewo va mía dzi abe aʋawɔwɔ, dɔléle alo dɔwuame ene la, míate ŋu atsi tsitre ɖe afi sia, le gbedoxɔ sia ŋgɔ elabena èle afi sia, le gbedoxɔ sia me, míado ɣli ayɔ wò be nàɖe mí eye míeka ɖe edzi be, àse míaƒe kukuɖeɣliwo eye nàɖe mí.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 20:9
13 Mawu Ofanana  

Ne wò ŋkuwo nana ʋuʋu ɖe xɔ sia ŋu zã kple keli ɖe teƒe, si ŋu nègblɔ le be, yeatsɔ yeƒe ŋkɔ aɖo la ŋu, eye nase gbe, si wò dɔla ado ɖa le teƒe sia.


Ne wò dukɔ Israel ƒe futɔwo si wo, le esi wowɔ nuvɔ̃ de ŋuwò ta, eye wotrɔ ɖe ŋuwò heʋu wò ŋkɔ me, wodo gbe ɖa heƒo koko na wò le aƒe sia me la,


Ne dɔwuame va anyigba dzi, eɖanye dɔvɔ̃ alo bliwo dze heteku o, nukuwo hlɔ̃ alo ʋetsuviwo kple ŋɔwo va o, woƒe futɔwo xaxa wo ɖo ɖe woƒe duwo me le anyigba dzi, fuɖenamea ɖe alo dɔlélea ɖe o;


Tso anyi ɖi vɔsamlekpui nam, eya dzi natsɔ wò alẽwo kple wò nyiwo ame numevɔsa le, eye nasa, akpedavɔwo le Mava afisiafi, si meɖo be, woaɖo ŋku nye ŋkɔ dzi le la, eye mayra wò.


Elabena afisi ame eve alo ame etɔ̃ wokpe ta ɖo te nye ŋkɔa dzi la, afima mele wo titina.


Kpɔ nyuie le eŋu, eye naɖo to eƒe gbe; megasẽ tame ɖe eŋu o, elabena matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o, elabena nye megbea wònye.


Wotso aƒe de edzi, eye wotu kɔkɔeƒe ɖe edzi na wò ŋkɔ la gblɔ bena:


Esi Ezra do gbeɖa, eye wòʋu eɖokui me, efa avi, eye wòmlɔ mawuxɔ ŋgɔ la, ameha gãa ɖe ŋutɔ tso Israel va kpe ta ɖe egbe ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo; elabena dukɔ la fa avi vevie.


Elabena aɖe wò tso xevimɔ̃trela ƒe adoboli me, tso dɔvɔ̃, si gblẽa nu me.


Eye ɖo to koko, si wò dɔla kple wò dukɔ Israel aƒo le teƒe sia, eye nasee le nɔwòƒe le dziƒo; ne èsee la, ekema tsoe ke.


Tso gbesigbe mekplɔ nye dukɔ tso Egipte-nyigba dzi la, nyemetia dua ɖeke le Israel-toawo katã me, be woatu xɔ nam ɖi, ne nye ŋkɔ nanɔ afima o; eye nyemetia ŋutsua ɖeke, be wòanye amegã ɖe nye dukɔ Israel nu o;


Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa