Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 2:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eyata do ŋutsu aɖaŋutɔa ɖe ɖem, amesi nya sika kple klosalo, akɔbli kple gayibɔ, aɖabɛ dzĩtɔ, ka dzẽ kple aɖabɛ blɔtɔ ŋu dɔwɔwɔ, eye wonyã aliŋɔŋlɔ la, wòava akpe ɖe aɖaŋutɔ, siwo le gbɔnye le Yuda kple Yerusalem, amesiwo fofonye Dawid do la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Ke ame kae ate ŋu atu xɔ si adzee la nɛ? Dziƒo kɔkɔtɔ kekeake gɔ̃ hã ƒe nyonyo made o! Gawu la, ame kae menye be woaɖe mɔ nam be matu gbedoxɔ na Mawu? Ke anye teƒe aɖe si woado dzudzɔ ʋeʋĩ le eŋkume le.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 2:6
19 Mawu Ofanana  

Eye fia Dawid yi ɖabɔbɔ nɔ Yehowa ŋku me hegblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, ameka menye, eye nuka nye aƒe nye be, nèkplɔm vaseɖe fifi?


Eye fia Salomo dɔ woɖakplɔ Xiram tso Tiro vɛ.


Enye ahosia ɖe, si tso Naftali-toa me la ƒe yi, eye fofoa nye akɔblinutula tso Tiro; aɖaŋu, nugɔmesese kple nunya geɖe le tagba nɛ, eye wònya akɔbliɖaŋu vovovowo wɔwɔ; eye wòva fia Salomo gbɔ hewɔ dɔ blibo la nɛ.


Ke nyateƒee, Mawu anɔ anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o.


Dɔwɔlawo le asiwò kpaŋkpaŋ, kpefulawo, gliɖolawo kple atikpalawo kpakple aɖaŋuwɔla vovovowo.


elabena ameka menye, eye ameka nye dukɔ la nye, be, miekpɔ ŋusẽ hena nu faa alea? Elabena nuwo katã tso gbɔwò, eye asiwò me miexɔ wo le hetsɔ na wò.


Eyata na nunya kple sidzedzem, ne mate ŋu ado adze dukɔ sia ŋgɔ, eye magagbɔ, elabena ameka ate ŋu aɖu fia ɖe dukɔ gã sia dzi?


Elabena nyateƒee Mawu anɔ amegbetɔwo gbɔ le anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o!


Ke Mose gblɔ na Mawu bena: Ameka menye, be mayi Farao gbɔ, eye makplɔ Israel-viwo adzoe atso Egipte?


anya alesi wòadze kpe hena nuwo me ɖeɖe, eye wòanya alesi wòadze ati hena aɖaŋu vovovowo wɔwɔ.


Ale Yehowa gblɔ esi: Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu. Xɔ ka ƒomevie miehe, yewoatu nam, eye teƒe ka anye nye gbɔɖemeƒe?


Yehowa be: Ɖe ame aɣla ɖe ɣaɣlɛƒe, eye magbe ekpɔkpɔa? Yehowa be: Ɖe menye nyee yɔ dziƒo kple anyigba dzi taŋ oa?


hena amesiawo la azu ku ƒe ʋeʋẽse heyina ku me, ke hena ame kemewo la azu agbe ƒe ʋeʋẽse heyina agbe me. Eye ameka de nusiawo nu mahã?


nye amesi nye ame kɔkɔewo katã dome suetɔ la, wotsɔ amenuveve sia na, bene magblɔ Kristo ƒe kesinɔnu, si mele nyanya tsitsotsito o da afia le trɔ̃subɔlawo dome,


ekema mitsɔ nusiwo katã ŋu mede se na mi le egbea, siwo nye miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe ewolia kple adzɔ, si miaƒe asiwò na, kpakple nusiwo katã miena le mia ɖokui si heɖe adzɔgbe na Yehowa la, va teƒe, si Yehowa, mia Mawu, atia, be yeƒe ŋkɔ nanɔ,


ke boŋ nasa wò numevɔ le teƒe, si Yehowa atia ɖe wò toawo dometɔ ɖeka me, eye nawɔ nusiwo katã ŋu mede se le na wò la, le afima.


Negbe wò nu nana kɔkɔewo kple wò adzɔgbeɖevɔsawo ko natsɔ ava teƒe, si Yehowa atia lae,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa