Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 2:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Xɔ, si mebe, matu la, lolo, elabena mia Mawu la lolo wu mawuwo katã.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Ke esusɔ vie madze gbedoxɔ aɖe tutu gɔme na Yehowa, nye Mawu la. Anye teƒe aɖe si mate ŋu ado dzudzɔ ʋeʋĩ kple atike ʋeʋĩwo le, le Mawu ŋkume, afi si matsɔ Ŋkumeɖobolo ada ɖo eye masa numevɔ le gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ, le Dzudzɔgbewo, le Ɣleti Yeye ƒe ŋkekenyuiɖugbewo kple Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkekenyui bubuwo dzi elabena Mawu di be Israel naɖu ŋkekenyui tɔxɛ siawo ɣe sia ɣi.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 2:4
16 Mawu Ofanana  

Eye Yuda kple Israel dome amesiame nɔ eƒe weinka kple gboti te bɔkɔɔ tso Dan vaseɖe Beer-Seba le Salomo ƒe agbe me ŋkekewo me.


Eye Yehowa gblɔ na fofonye Dawid bena: Esi nèɖoe ɖe ta me be, yeatu xɔ na nye ŋkɔ la, èwɔe nyuie be, nèɖoe de ta me.


Eye Salomo tsa nyi akpe blave vo eve kple alẽ akpe alafa ɖeka kple blave sa akpedavɔe na Yehowa. Ale fia la kple Israel-viwo katã kɔ Yehowa ƒe aƒe la ŋui enye si.


Eye Dawid gblɔ bena: Vinye Salomo enye ɖekakpui dzaa ko, eye xɔ, si wole tutu ge na Yehowa la, ele be, wòalolo ŋutɔ, ne eƒe ŋkɔ kple bubu nade anyigbawo katã dzi, eyata maƒo nuwo nu ƒu ɖi nɛ! Ale Dawid ƒo nuwo nu ƒu taŋtaŋ hafi va ku.


woawoe tɔa dzo numevɔsa na Yehowa ŋdi sia ŋdi kple fiẽ sia fiẽ, wotsɔa atike ʋeʋẽe doa dzudzɔe, wodaa abolo ɖe kplɔ̃; dzadzɛ la dzi, eye wosia sikakaɖitiawo ƒe akaɖigbɛawo fiẽ sia fiẽ, elabena mielé Yehowa, mía Mawu ƒe ɖoɖowo meɖe asi; ke miawo miegblẽe ɖi.


Eye Salomo xlẽ agbatsɔla akpe blaadre kple kpefula akpe blanyi le towo dzi; wo dzikpɔlawo le ame akpe etɔ kple alafa ade.


Míebia se na mía dokui be, míana sekel etɔ̃liawo ɖeka ƒe sia ƒe de subɔsubɔ le mía Mawu ƒe aƒe me ŋu,


Amea ɖeke mede nuwo le mawuwo dome o, eye naneke mede wò dɔwɔwɔwo nu o.


Elabena Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ, ŋɔdzi le eŋu ƒo mawuwo kalã ta.


Eye natsɔ abolo aɖo kplɔ la dzi le ŋkunye me ɖaa.


Eye Aron natsɔ atike ʋeʋẽe ado dzudzɔ ɖe edzi, ŋdi sia ŋdi, ne edzra akaɖigbɛawo ɖo la, wòado dzudzɔ.


etsɔ gakotoku la ɖo asi yii, gbesigbe dzinu sɔ tegblẽ la ko wòagbɔ va aƒe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa