Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 2:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 kpɔ ɖa, mele didim be, matu xɔ na Yehowa, nye Mawu ƒe ŋkɔ, makɔ eŋu nɛ, ne woatɔ dzo atike ʋeʋẽe le eŋku me, woada ŋkumeɖobolo ɖi, eye woasa numevɔ ŋdi kple fiẽ, le dzudzɔgbewo, dzinu yeyewo kple Yehowa, mía Mawu ƒe ŋkekenyuiewo dzi; Israel ƒe dɔ nye esia tegbee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Solomo dɔ ame ɖe Fia Hiram le Tiro be woagblɔ nɛ be, “Ɖo sedatikpo siwo tɔgbi nena fofonye David esime wònɔ eƒe fiasã tum la ƒe ɖewo nye hã.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 2:3
18 Mawu Ofanana  

Eye Tiro-fia Xiram ɖo amewo kple sedertiwo ɖe Dawid hekpe ɖe atikpalawo kple kpefulawo ŋu, ne woatu xɔ na Dawid.


Tete Tiro-fia Xiram ɖo amewo, sedertiwo, gliɖolawo kple atikpalawo ɖe Dawid, ne woatu xɔ nɛ.


woawoe tɔa dzo numevɔsa na Yehowa ŋdi sia ŋdi kple fiẽ sia fiẽ, wotsɔa atike ʋeʋẽe doa dzudzɔe, wodaa abolo ɖe kplɔ̃; dzadzɛ la dzi, eye wosia sikakaɖitiawo ƒe akaɖigbɛawo fiẽ sia fiẽ, elabena mielé Yehowa, mía Mawu ƒe ɖoɖowo meɖe asi; ke miawo miegblẽe ɖi.


Ke esi wowɔe vo la, wotsɔ ga susɔea na fia la kple Yoyaɖa, eye wotsɔe wo Yehowa ƒe aƒe la me nuwo, subɔsubɔdɔwɔnuwo kple vɔsanuwo, trewo, sikanuwo kple klosalonuwo. Ale wosa numevɔ le Yehowa ƒe aƒe la me ɖaa le Yoyada ƒe agbenɔɣi katã.


Eye Salomo tsɔ sika nyuitɔ wɔ Mawu ƒe aƒe la me nuwo katã: sikavɔsamlekpui la kple kplɔ̃, siwo dzi woada ŋkumeɖobolo ɖo,


eye wosa vɔ le ŋkeke sia ŋkeke ƒe kɔa nu, le dzudzɔgbewo, dzinu yeyewo kple ŋkekenyuiewo dzi, zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me, le abolo maʋamaʋã ŋkekenyuiewo, le kwasiɖawo ŋkekenyuiewo kple agbadɔŋkekenyuiewo dzi le Mose ƒe se la nu.


Le fia Kores ƒe ƒe gbãtɔ me la fia Kores ɖe se be, woatu mawuxɔ ɖe Yerusalem wòanye teƒe, si woasa vɔ le; woaɖo egɔme anyi, eve wòakɔ abɔklugui blaade, akeke abɔklugui blaade.


de ŋkumeɖobolo, gbesiagbe nuduvɔsa kple gbesiagbe numevɔsa, dzudzɔgbevɔsawo kple dzinu yeye vɔsawo kple ŋkekenyuie vɔsawo, akpedavɔsawo kple nuvɔ̃vɔsawo ŋu, be woalé avu na Israel kple mía Mawu ƒe ale ŋu ɖɔwo katã ŋu.


Eye natsɔ abolo aɖo kplɔ la dzi le ŋkunye me ɖaa.


Eye nusiwo namè le vɔsamlekpuia dzi, wonye esi. Gbesiagbe name alẽvi eve, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka.


Me alẽvi ɖeka le ŋdi, eye alẽvi evelia le fiẽ.


Mè alẽvi evelia le fiẽ me: eye nawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa, siwo kpe ɖe eŋu la, abe ŋdi tɔ ene: esia enye dzo, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Eye Aron natsɔ atike ʋeʋẽe ado dzudzɔ ɖe edzi, ŋdi sia ŋdi, ne edzra akaɖigbɛawo ɖo la, wòado dzudzɔ.


Eye wotso nuɖuvɔsa la vɛ: eku asiʋlo ɖeka le eŋu hetɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi kpe ɖe ŋdinumevɔsa la ŋu.


Gbesigbe ɣleti dze dzi la, miatsɔ nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple alẽvi adre, siwo sɔ blibo, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, asa numevɔ na Yehowa.


Eye nawɔ alẽvi eve, siwo naneke mewo afia ɖeke na o, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, ŋu dɔ le dzudzɔgbe la dzi, eye natsɔ wɔ memee eta ƒe ewoliawo eve, si wodzaba kple ami la, awɔ nuɖuvɔsae, eye nunovɔsa nakpe ɖe eŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa