Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 18:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Israel-fia ɖo ŋu na Yosafat bena: Ame ɖeka li, si gbɔ wobiaa gbe Yehowa le; ke melé fui, elabena metoa nya nyuia ɖeke nam le eƒe agbe me ŋkekewo katã me o, negbe vɔ̃a ko; eya nye Mixa, Yimla vi. Yosafat gblɔ bena: Fia la megana nu ƒom alea o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Israel fia ɖo eŋu na Yehosafat be, “Ame ɖeka aɖe gali ame si dzi míato abia gbe Yehowa gake melé fui elabena megblɔa nyanyui aɖeke ɖi tso ŋunye o; nya vɔ̃ ko wògblɔna ɖi tso ŋunye. Eyae nye Mikaya, Imla ƒe viŋutsu.” Yehosafat ɖo eŋu nɛ be, “Fia la megagblɔ nya ma o.”

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 18:7
30 Mawu Ofanana  

Nya kae nye esia gblɔm Yakob ƒe aƒe la le be: „Ɖe Yehowa mesea dziku dona o, eye esia nye eƒe nuwɔna?“ Ɖe nye nyawo mefa na ame dzɔdzɔewo oa?


Wole fu amesi xlɔ̃a nu ame le ʋɔnu, eye wonyɔ ŋu nyateƒetola.


Woayra mi, ne amewo alé fu mi, eye woaɖe mi le woƒe ha me, eye woadzu mi, eye woatso miaƒe ŋkɔ aƒu gbe abe vɔ̃ ene le Amegbetɔvi la ta.


amesiwo gblɔ na nukpɔlawo be: Migakpɔ nu o, eye wogblɔ na nyagblɔɖilawo be: Migagblɔ nya, si le eteƒe la, ɖi na mí o, ke boŋ migblɔ nya ŋɔnɔewo na mi, eye migblɔ alakpanyawo ɖi!


Tete Axab gblɔ na Eliya bena: Nye keto, èkpɔma? Eɖo ŋu bena: Mekpɔ wò; elabena ètsɔ ɖokuiwò ƒle na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋku me.


Esi Axab kpo Eliya la, Axab gblɔ nɛ bena: Wò, amesi he gbegblẽ va Israel dzi la, enye esia?


Esi megblɔ nyateƒe na mi la, eyata mezu miaƒe futɔ mahã?


Ɖe nyemewɔ do, siwo amea ɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, ne nuvɔ̃ mele wo ŋu o; ke azɔ la wokpɔe, eye wolé mía kple Fofonye hã ɖe fu me.


Xexeame mate ŋu alé fu mi o; ke nye la eléa fum, elabena nye la meɖi ɖase le eŋuti bena, eƒe dɔwɔwɔ wo vɔ̃ɖi.


Eye enumake fia la dɔ eŋudzɔsrafo ɖeka ɖa, eye wòde se ne be, wòaɖatsɔ eƒe ta ve;


Tete amegãwo gblɔ na fia la bena: Woawu ŋutsu sia, elabena ele alɔgblɔlɔ dom aʋawɔla, siwo kpɔtɔ ɖe du sia me kple dukɔ blibo la, esi wòle nya siawo tɔgbe gblɔm na wo la; elabena ŋutsu sia mele dukɔ la ƒe nyui dim o, negbe woƒe dzɔgbevɔ̃e ko.


Tete wogblɔ bena: Mina míaɖo nugbe ɖe Yeremya ŋu; elabena nufiame mabu ɖe nunɔlawo o, adaŋudede mabu ɖe nunyalawo loo, alo nya nabu ɖe nyagblɔɖilawo o. Eyata mina míatsɔ aɖe aƒo Yeremya, eye míagalé to ɖe eƒe nyawo katã ŋu o.


Hlɔ̃dola léa fu ame maɖifɔwo, eye wòdia nuteƒewɔlawo ƒe agbe yome.


Nuxlɔ̃la nyanu enye sikasigɛ kple kɔgɛ, si wotsɔ sika nyuitɔ tui la, na to senu.


Megaka mo na fewuɖula, ne wòalé fu wò o, ka mo na nunyala boŋ, eye alo wò.


Ke nyea medo gbe ɖa na wò, Yehowa, le amenuveɣi la; Mawu, tsɔ wò xɔname nyateƒetɔ la ɖo tom le wò amenuveve sɔgbɔ la nu!


Lé to ɖe ŋunye, eye natɔ nam; mele tsa glalã tsam le konyifafa me, eye mele hũ ɖem


Ekpɔa eƒe ƒuwo katã ta, womaŋe wo dometɔa ɖeke o.


Tete Mixa gblɔ bena: Meta Yehowa ƒe agbe: Ne menye nya, si nye Mawu ato nam la, magblɔ o fi!


Esi Yoram kpɔ Yehu la, egblɔ bena: Yehu, ŋutifafaea? Eɖo ŋu bena: Ŋutifafa ka? Esi dawo Izebel ƒe ahasiwɔwɔ kple dzosasa ta le agbɔ sɔm ɖaa ko laa?


Eɖo ŋu bena. Ɖe meʋã ŋu ɖe Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la, nu, elabena Israel-viwo gblẽ wò nubabla ɖi, wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi, eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi; ke nye ɖeka koe kpɔtɔ, eye wole nye agbe dim, be yewoaɖe ɖa.


Esi Izebel tsrɔ̃ Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo la, Obadya kplɔ nyagblɔɖila alafa ɖeka ɖaɣla ɖe agado me blaatɔ̃blaatɔ̃, eye wòtsɔ abolo kple tsi nyi wòe.


Israel-fia ɖo eŋu na Yosafat bena: Ame ɖeka li, amesi gbɔ wobiaa nu Yehowa le, ke melé fui, elabena metoa nya nyuia ɖeke nam o, negbe vɔ̃a ko, eya nye Mixa, Yimla vi. Ke Yosafat gblɔ bena: Fia meganɔ nu ƒom alea o.


Tete Yosafat gblɔ bena: De Yehowa ƒe nyagblɔɖilaa ɖeke mele afisia, ne míabia nu le egbɔ oa?


Tete Israel-fia yɔ aƒedzikpɔla ɖeka gblɔ bena: Yi ɖayɔ Mixa, Yimla vi vɛ fififi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa