Le nya sia megbe la Dawid bia Yehowa bena: Mayi Yuda-duawo dometɔ ɖeka mea? Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Yi! Eye Dawid gblɔ be: Afika yi ge mala? Yehowa ɖo ŋu bena: Yi Xebron!
Eye Dawid bia nu Yehowa bena: Mahe ɖe Filistitɔwo ŋua, eye ɖe atsɔ wo ade asi nama? Yehowa ɖo ŋu na Dawid bena: Ho yi, elabena matsɔ Filistitɔwo ade asi na wò!
Tete Israel-fia ƒo nyagblɔɖila alafa ene nu ƒu, eye wògblɔ na wo bena: Maho aʋa yi Ramot-Gilead loo, alo nyemagayi oa? Woɖo ŋu bena: Ho yi, Mawu atsɔe ade asi na fia la!
Nu ɖeka mebia Yehowa, esi le dzroyem, be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye makpa Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku, eye mayi tame le eƒe gbeɖoxɔ me.
Amevi, ƒo nu kple Israel ame tsitsiwo nagblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nyee miava gbe bia geea? Mefa ɖokuinye ƒe agbe: Ne mana miabia gbem ase akpɔ fi! Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.