Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 17:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye Yehowa nɔ kple Yosafat, elabena ezɔ fofoa Dawid ƒe mɔ tsãtɔwo dzi, eye mebia Baal ta se o;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Yehowa nɔ kple Yehosafat elabena ewɔ nu nyui abe ale si fofoa wɔ le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔwo me ene eye mesubɔ legbawo o.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 17:3
47 Mawu Ofanana  

Ke Yehowa nɔ kple Yosef, eye wòna gaxɔdzikpɔla ƒe dzime kɔ ɖe eŋu, eye wòve enu.


Eye Dawid le ŋusẽ kpɔm ɖe dzi, eye Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la, li kplii.


Ale Dawid ɖu fia de Israel blibo la dzi, eye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple afiatsotso le Dawid si me hena Israel blibo la.


Salomo wɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, eye medze Yehowa yome blibo abe fofoa Dawid ene o.


Eto fofoa Asa ƒe ʋe me pɛpɛpɛ, eye mete ɖa o, eye wòwɔ nusi nyo le Yehowa ŋku me.


Eye Salomo lɔ Yehowa hezɔ le fofoa Dawid ƒe ɖoɖowo nu; ke esa vɔ, eye wòdo dzudzɔ le nuxeƒewo.


Ewo nusi dze Yehowa ŋu, ɖeko meɖe fofoa Dawid nu o, eye wòwɔ pɛpɛpɛ, abe alesi fofoa Yoas wɔ ene.


Axaz xɔ ƒe blave, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Mewu nusi dze Yehowa, eƒe Mawu la ŋu abe fofoa Dawid ene o,


Eye wòwɔ nusi dze Yehowa ŋu, abe alesi fofoa Dawid wɔ pɛpɛpɛ ene.


Ewo nusi nyo le Yehowa ŋku me, eye wòto fofoa Dawid ƒe ʋe me pɛpɛpɛ, eye medze ɖe ɖusi alo mia me o.


Yehowa, mia Mawu la, li kpli mi tso, eye wòna gbɔdzɔe mi godoo va kpe, elabena etsɔ anyigba la de asi nam, eye anyigbadzitɔwo na ta le Yehowa kple eƒe dukɔ la ŋku me.


Tete Yehowa si Kusiviwo le Asa kple Yuda ŋgɔ, ale be Kusitɔwo si.


eye wòyi ɖakpe Asa gblɔ nɛ bena: Asa kple Yuda blibo la kpakple Benyamin, miɖo tom! Yehowa nɔ kpli mi, elabena miena eŋu. Ne mieɖii la, ana be, míakpɔe; ke ne miegblẽe ɖi la, eya hã agblẽ mi ɖi.


Eɖe asrafowo ɖo Yuda-du sesẽwo katã me, eye wòɖe amewo ɖo Yuda-nyigba dzi kple Efrayim-du, siwo fofoa Asa xɔ la me.


ke boŋ ebia fofoa ƒe Mawu la ta se, ezɔ le eƒe sewo nu, eye mewɔ Israel ƒe nuwɔwɔ o.


Eto fofoa Asa ƒe ʋe me, eye megbe nusi dze Yehowa ŋu la wɔwɔ o.


Tete nyagblɔɖila Eliya ɖo agbalẽ ɖee bena: Ale Yehowa, fofowò Dawid ƒe Mawu la, gblɔ esi: Esi meto fofowo Yosafat ƒe ʋe me o,


Edi Axazya, eye wolée, esime wòɣla ɖe Samaria. Eye wokpɔe va Yehu gbɔ, eye wòna wowui hetso ɖi; elabena wogblɔ be, eya nye Yosafat, amesi tso eƒe dzi blibo di Yehowa la ƒe vi. Azɔ amea ɖeke megale Axazya ƒe me, amesi ate ŋu aɖu fia o.


Ale Yotam kpɔ ŋusẽ, elabena ezɔ le Yehowa, eƒe Mawu la ŋku me.


Eye wòwɔ nusi dze Yehowa ŋu, abe alesi fofoa Dawid wo pɛpɛpɛ ene.


Ewɔ nusi dze Yehowa ŋu, eye wòto fofoa Dawid ƒe ʋe me, eye medze ɖe ɖusi alo mia me o.


Midzudzɔ, ne miadze sii be, nyee nye Mawu; meɖo kpo ɖe dukɔwo dzi, meɖo kpo ɖe anyigba dzi!


Dukɔwo dze agbo, ke de le fiaɖuƒewo te; enu eƒe gbe di, tete anyigba lólo.


Eye wògblɔ bena: Manɔ anyi kpli wò! Eye esia anye dzesi na wo bena, nyee dɔ wò: Ne èkplɔ dukɔ la dzoe tso Egipte la, ekema miasubɔ Mawu le to sia dzi.


Heyi ko, makpe ɖe ŋuwò naƒo nu, eye mafia nusi nagblɔ la wò.


megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.


Ne miede adaŋu la, woagblẽ eme, ne mieɖo gbe ɖi la, mava me o; elabena Mawu li kpli mí!


Aleke nagblɔ be, yemegblẽ ye ɖokui ŋu o, yemedze Baal yome o? Lé ŋku ɖe wò azɔlime ŋu le bali la me, eye nadze si nusi nèwɔ la, kposɔnɔ ɖidu, si le tsa glãla tsam le eƒe mɔ dzi la, nènye.


„Kpo da, ɖetugbi, si menya ŋutsu o la, le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be Imanuel, si gome ènye: Mawu li kpli mi.“


Elabena afisi ame eve alo ame etɔ̃ wokpe ta ɖo te nye ŋkɔa dzi la, afima mele wo titina.


Enumake amesi xɔ talento atɔ̃ la, yi ɖatrɔ le wo dzi, eye wòɖe vi talento atɔ̃ ɖe wo dzi.


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Aƒetɔ Yesu Kristo nanɔ anyi kple wò gbɔgbɔ la! Amenuveve nanɔ anyi kpli mi!


Amea ɖeke manɔ te ɖe nuwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o; alesi menɔ kple Mose la, nenema manɔ kple wò hã; nyemaɖe asi le ŋuwò o, eye nyemagblẽ wò ɖi o.


Menye ɖe meɖe se na wò be, lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu, ŋɔ megadzi wò o, eye dzidzi megaƒo wò oa? Elabena Yehowa, wò Mawu la, li kpli wò le afisiafi, si nayi ɖo.


Tete Israel-viwo wɔ nusi medze Yehowa ŋu o, eye wosubɔ Baalwo.


Ne Yehowa ɖo ʋɔnudrɔ̃la na wo la, Yehowa nɔa anyi kple ʋɔnudrɔ̃la la, eye wòɖea wo tsoa woƒe futɔwo si me, ŋkeke alesi ʋɔnudrɔ̃la la le agbe, elabena woƒe hũɖeɖe le fuɖenametɔwo kple ŋutasẽlawo ŋuti na be, Yehowa ƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu.


Eye Yehowa ƒe ɖɔla ɖo ɖe edzi gblɔ nɛ bena: Yehowa li kpli wò, wò ŋutsu kalẽtɔ!


Esi Gideon nya ku ko la, Israel-viwo trɔ hesubɔ Baalwo, eye wotsɔ Baal-Berit wɔ woƒe mawui.


Azɔ Saul de asi Dawid vɔvɔ̃ me, elabena Yehowa li kplii; ke edzo le Saul ya gbɔ.


Dawid ƒe mɔwo katã dzea edzi, elabena Yehowa li kplii.


Eye Dawid yia afisiafi, si Saul ɖoe ɖo, eye wòdze adaŋu; Saul tsɔe do aʋawɔlawo katã nu, eye eƒe nu nyo dukɔ blibo la kple Saul ƒe dɔlawo ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa