Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 17:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye Yosafat le gã zum ɖe dzi ɖaa ŋutɔ, etu mɔwo, eye wòtso nudzraɖoƒeduwo ɖe Yuda.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Ale Yehosafat kpɔ ŋusẽ ŋutɔ; etu mɔwo eye wòtso nudzraɖoƒe duwo ɖe Yudanyigba ƒe akpa ɖe sia ɖe dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 17:12
13 Mawu Ofanana  

Egla eɖokui, eye wòdɔ gli la ƒe gbagbãƒewo katã do, etu xɔ tsralawo de wo dzi, eye wòɖo gli bubuwo ɖe egodo, eɖo gli ɖe Dawid-du la ƒe Milo ŋu, eye wòwɔ aʋawɔnuwo kple akpoxɔnuwo kpaŋkpaŋ;


Etso duwo ɖe Yuda-towo dzi, eye wòtu mɔwo kple xɔ tsralawo ɖe avewo me.


Ale kesinɔnu kple bubu su Yosafat si taŋ, eye wòzu Axab ƒe to.


Yehowa wo Salomo gã ŋutɔŋutɔ le Israel blibo la ŋku me, eye wòtso fiaɖuɖu, si ŋu kafukafu le la nɛ, esi tɔgbe menɔ fia, siwo ɖu Israel dzi do ŋgɔ nɛ la si o.


Tete wotsɔ dzikpɔlawo ɖo wo nu, bena woate wo ɖe anyi, ne woawɔ dɔ sesẽwo; eye wotu nudzraɖoƒewo na Farao, siwo nye Pitom kple Ramses.


Filistitɔwo dometɔa ɖewo tso nunanawo kple klosalo geɖe vɛ na Yosafat, eye Arabiatɔwo hã tsɔ agbo akpe adre kple alafa adre kpakple gbɔ̃tsu akpe adre kple alafa adre vɛ ne.


Edzra nuɖuɖu geɖe ɖo ɖe Yuda-duwo me, eye ŋutsu aʋawɔla kalẽtɔwo le esi le Yerusalem.


Etu xɔ tsralawo ɖe gbe dzi, eye wòɖe vudo geɖewo, elabena lãho geɖe le esi le bali me kple tagba, eye agbledelawo kple weingbledelawo le esi le towo dzi kple Karmel, elabena elɔ̃a agbledede.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa