Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 15:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke esi Asa se nyagblɔɖila Obed ƒe nya siawo kple eƒe nyagblɔɖiawo la, dzi ɖo eƒo, eye wò ɖe ŋunyɔnuwo ɖa tso Yuda-nyigba blibo la dzi kple Benyamin kpakple du, siwo woxɔ ɖe Efrayim-to dzi la me, eɖɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui, si le Yehowa ƒe akpata nu la ɖo,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Esi Fia Asa se nya sia tso Mawu gbɔ la, dzi ɖo eƒo eye wògbã legbawo katã le Yuda kple Benyamin kple du siwo wòxɔ le Efraim ƒe tonyigba dzi la me. Egbugbɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la tu ɖe gbedoxɔ la ŋgɔ.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 15:8
24 Mawu Ofanana  

Salomo dze Zidontɔwo ƒe mawu Astarte kple Milkom, si nye Amonitɔwo ƒe ŋunyɔnu la yome.


Ɣemaɣi Salomo tu nuxeƒe na Kemos, si nye Moabtɔwo ƒe ŋunyɔnu kple Molex, si nye Amon-viwo ƒe ŋunyɔnu, ɖe to dzi le Yerusalem ŋgɔ.


Le Israel-fia Yerobeam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blavelia me la Asa zu fia ɖe Yuda dzi.


Ke ete akɔblivɔsamlekpui, si le Yehowa ŋku me le xɔa ŋgɔdze la ɖa, be maganɔ vɔsamlekpui; la kple Yehowa ƒe xɔ la domee o, eye wòtsɔe ɖe vɔsamlekpui la ƒe axa dzi le anyiehe gome.


Ke ne miegblɔ nam be: Yehowa, mia Mawu la ŋu miele dzi ɖom ɖo la, ekema ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo Xizkiya ɖe ɖa, eye wògblɔ na Yuda kple Yerusalem bena: Miɖe ta agu ɖe vɔsamlekpui sia ŋgɔ le Yerusalem oa?


Eye fia la do gu nuxeƒe, siwo le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe le Amito la ƒe ɖusi gome, siwo Israel-fia Salomo tu na Zidontɔwo ƒe ŋunyɔnu Astartewo kple Moabitɔwo ƒe ŋunyɔnu Milkom.


Abiya ti Yerobeam yome, eye wòxɔ eƒe duwo, siwo nye Betel kple eŋu duwo, Yesana kple eŋu duwo kpakple Efron kple eŋu duwo.


Eɖe asrafowo ɖo Yuda-du sesẽwo katã me, eye wòɖe amewo ɖo Yuda-nyigba dzi kple Efrayim-du, siwo fofoa Asa xɔ la me.


Kpɔ da, nunɔlagã Amarya le mia nu de Yehowa ƒe nyawo katã ŋu, eye Yuda ƒe aƒe ƒe amegã Zebadya, Ismael vi, li de fia ƒe nyawo katã ŋu, eye Lewi-viwo nye dɔnunɔlawo le mia si. Misẽ ŋu le miaƒe nuwo wɔwɔ me, eye Yehowa anɔ kple ame nyui la!


Eye Yosafat no Yerusalem; emegbe egatsa le dukɔ la dome tso Beer-Seba vaseɖe Efrayim-to dzi, eye wòtrɔ wo ɖe Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ŋu.


Eye nunɔlawo yi fia Xizkiya gbɔ gblɔ bena: Míekɔ Yehowa ƒe aƒe blibo la kple numevɔsamlekpui la kple eŋu nuwo katã kpakple ŋkumeɖobolokplɔ̃ la kple eŋu nuwo katã ŋuti.


Eye wòwɔ akɔblivɔsamlekpui la, edidi abɔklugui blave, eye wòkɔ abɔklugui ewo.


Ɣemaɣi Salomo sa numevɔ na Yehowa le Yehowa ƒe vɔsamlekpui, si woɖi ɖe akpala la ŋgɔ la dzi,


Amea ɖe lã sedertiwo, etsɔ fɔfɔli kple logoti, eye wotia avemetiwo na eɖokui. Eɖo sesewu wo, eye tsidzadza na wotsi.


amesiwo bɔbɔ nɔa yɔdowo me eye wotsia teƒe ɣaɣlɛwo dɔna, amesiwo ɖua halã, eye detsi nyɔ ŋu le woƒe ku lu wo me;


Gbagbiãgba la maxe woƒe vodadawo kple woƒe nuvɔ̃wo ŋu fe na wo zigbɔ zi eve, elabena wotso woƒe nu makɔmakɔwo ƒe kukuwo gblẽ kɔ ɖo na nye anyigba, eye wotso woƒe ŋunyɔnuwo yɔ nye domenyinu la dzi fũ.


Esi mege ɖe eme la, kpɔ ɖa, wota nutatawo kple lãfɔnewo, siwo nye ŋunyɔnuwo la ƒe nɔnɔme vovovowo, kple Israel ƒe aƒe la ƒe legbawo katã ɖe glia ŋu godoo va kpe.


Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu, bena miagawɔ kɔnu gbegblẽ, siwo wowɔ le mia ŋgɔ la, ahado ŋunyɔ mia ɖokui o Nyee Yehowa, mia Mawu!


Enumake amesi xɔ talento atɔ̃ la, yi ɖatrɔ le wo dzi, eye wòɖe vi talento atɔ̃ ɖe wo dzi.


Eye esi nɔvi, siwo le afima la, se mia ŋkɔ la, wova kpe mi le keke Apiforo kple Tretaberne ke; esi Paulo kpɔ wo la, eda akpe na Mawu, eye wòlé dzi ɖe ƒo.


Amesi wɔ aklama kpakpɛ alo kɔ legba, nusi nye ŋunyɔnu na Yehowa, eye wònye adaŋu wɔla ƒe dɔwɔwɔ, eye wòtsɔe ɖo adza me la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


Elabena agbe ƒe ɣeyiɣi, si va yi la, sɔ gbɔ be, miewɔ trɔ̃subɔlawo ƒe lɔlɔ̃nu, eye miezɔ le hadzedzewo, nudzodzrowo, ahatsunonowo, nutsuɖuɖuwo, aglotutuwo kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ la me;


Tete woɖe mawu bubuawo ɖa le wo ɖokui dome hesubɔ Yehowa; eyata Israel ƒe fukpekpe la mena wòɖe dzi ɖi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa