Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 14:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eɖe nuxeƒewo kple ɣelegbawo ɖa le Yuda-duwo katã me, eye fiaɖuƒe la kpɔ gbɔdzɔe le ele.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 eye wòɖe gbe be, dukɔ blibo la nawɔ Yehowa, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ƒe sewo dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 14:4
21 Mawu Ofanana  

Elabena ale Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la enye si: Midim, ne mianɔ agbe!


Medi wò tso dzi blibo me, megana matra tso wò seawo gbɔ o!


Emegbe megblɔ be, woakɔ xɔ la ŋu, eye megafɔ Mawu ƒe eƒe ŋu dɔwɔnuawo, nuɖuvɔsa kple atike ʋeʋẽeawo va mee.


Eɖi Yehowa ƒe vɔsamlekpui la, eye wosa akpedavɔ kple kafukafuvɔ le edzi, eye wòde se na Yuda be, woasubɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la.


amesiame, si tsɔ eƒe dzi ɖo Mawu Yehowa, fofoawo ƒe Mawu didi ŋu, nenye be, mewɔe ɖe kɔkɔeƒe la ƒe kɔkɔenyenye nu o hã.


Mawu ƒe asi va Yuda hã dzi, eye wòna dzi ɖeka ŋugbee wo, be woawɔ fia kple amegãwo ƒe se la dzi le Yehowa ƒe nya nu.


Tete fia Xizkiya kple amegãwo ɖo na Lewi-viwo be, woatsɔ Dawid kple nukpɔla Asaf ƒe nyawo adzi kafukafuhawo na Yehowa. Wodzi kafukafuhawo kple dzidzɔ, eye wode ta agu hedo gbe ɖa.


Eye Xizkiya de se be, woasa numevɔ le vɔsamlekpui la dzi. Azɔ esi wode asi numevɔ sasa me la, Yehowa ƒe ha kple kpẽawo kpakple Israel-fia Dawid ƒe hadzinuawo de asi ɖiɖi me.


Eye wokplɔ nyitsu adre, agbo adre, alẽvi adre kple gbɔ̃tsu adre vɛ, be woanye nuvɔ̃vɔsa ɖe fiaɖuƒe la kple kɔkɔeƒe la kpakple Yuda ta. Eye wòde se na Aron viwo, amesiwo nye nunɔlawo, be woasa vɔ le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi.


Eye amesiwo ƒe dzi le Yehowa, Israel ƒe Mawu la, dim la, tso Israel-toawo katã me dze wo yome va Yerusalem, ne woasa vo na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la.


Megblɔ nɛ be, mahe to na eƒe aƒe la kokoko le eƒe vodada ta, elabena enyae bena, viawo wo busunu gake megbe na wo o.


Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia, amesi subɔ ge míala, egbea: eɖanye mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo, alo Amoritɔ, siwo ƒe anyigba dzi miele la, ƒe mawuwo o. Ke mía kple nye aƒe ya miasubɔ Yehowa!


Elabena metiae, bena wòade se na emegbeviwo kple eƒe me katã bena, woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋuti, eye woawɔ nu dzɔdzɔe kple nu nyui, bena ne nusi ŋugbe Yehowa do la, nava me na Abraham.


hede se na Yuda bena, woadi Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la, eye woawo eƒe nufiamewo kple eƒe sewo dzi.


Etso du sesẽwo ɖe Yuda, elabena anyigba la kpɔ gbɔdzɔe, eye mewo aʋaa ɖeke le ƒe siawo me o, elabena Yehowa na eŋuti fa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa