2 Tete Yehowa ƒe gbe va Mawu ƒe ame Semaya gbɔ bena:
2 Ke Yehowa gblɔ na Nyagblɔɖila Semaya be,
Gblɔ na Yuda-fia Rexabeam, Salomo vi, kple Israel blibo, si nye Yuda kple Benyamin bena:
Rexabeam ŋutinyawo, tsãtɔwo kple megbetɔwo la, woŋlɔ wo ɖe nyagblɔɖila Semaya kple nukpɔla Ido ŋutinyawo me. Eye aʋa nɔ Rexabeam kple Yerobeam dome ŋkekeawo katã.
Eɖo nunɔlawo ƒe hawo woƒe subɔsubɔdɔwo nu, le fofoa Dawid ƒe ɖoɖo la nu kple Lewi-viwo woƒe dɔwo nu, ne woakafu, eye woasubɔ le nunɔlawo gbɔ, le ŋkeke sia ŋkeke ƒe kɔa nu, kple agbonudzɔlawo ƒe hawo ɖe agbo sia agbo nu, elabena alea Mawu ƒe ame Dawid de se gblɔ.
Esia nye yayra, si Mose, Mawu ƒe ame la, tsɔ yra Israel-viwo hafi ku.
Ke wò la, oo Mawu ƒe ame, si le nusiawo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, mawusosroɖa, dzixɔse, lɔlɔ̃, dziɖoɖo, dɔmefafa yome.
Eye Mawu ƒe amea ɖe va Eli gbɔ gblɔ nɛ bena: Yehowa ƒe gbe enye si: Meɖe ɖokuinye fia fofowò ƒe aƒe, le esime wonye kluviwo le Farao ƒe me le Egipte.