Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 1:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke Dawid ɖatsɔ Mawu ƒe aɖaka la tso Kiryat-Yearim va teƒe, si wòwɔ nɛ lã, elabena ewo agbadɔ nɛ ɖe Yerusalem.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Fia David va tu agbadɔ aɖe emegbe ɖe Yerusalem na Yehowa ƒe nubablaɖaka la eye wòtsɔe tso Kiriat Yearim va afi si wòdzra ɖo ɖi nɛ.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 1:4
12 Mawu Ofanana  

Eye wotsɔ Yehowa ƒe aɖaka la va da ɖe enɔƒe le agbadɔ, si Dawid tu nɛ la me, eye Dawid sa numevɔ kple akpedavɔ le Yehowa ŋku me.


Eye Dawid kple dukɔ blibo, si le eŋu la, dze mɔ yi Baal-Yuda, ne woatsɔ Mawu ƒe aɖaka, si ŋu woyɔa Yehowa Zebaot, amesi le Kerubiwo ta me ƒe ŋkɔ ɖo la, atso afima.


Eye wòtu xɔwo na eɖokui ɖevi Dawid ƒe du la me, eye wòwɔ nɔƒe na Mawu ƒe aɖaka la, eye wòtu agbadɔ nɛ.


eye wògblɔ na wo bena: Miawoe nye Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo, miawo kple mia nɔviwò mikɔ mia ɖokui ŋu, eye miɖakɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la va teƒe, si mewo nɛ.


Tete Dawid yɔ Israel blibo la va Yerusalem, ne woaɖatsɔ Yehowa ƒe aɖaka la ava nɔƒe, si wòwɔ nɛ la.


Eye wotso Mawu ƒe aɖaka la va dro ɖe agbadɔ, si Dawid tu nɛ la titina, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ le Mawu ŋku me.


Ɣemaɣi Salomo ƒo Israel-ame tsitsiwo, toawo ƒe tatɔwo katã kple Israel-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe amegãwo nu ƒu ɖe Yerusalem, ne wòaɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Dawid ƒe du, si nye Zion la me vɛ.


ke metu xɔ na wò, be nanɔ eme kple teƒe, si nanɔ tegbee.


Eye esi Israel-viwo ho la, wova woƒe duwo me le ŋkeke etɔ̃agbe; woƒe duawo nye: Gibeon, Kefira, Berot kple Kiryat-Yearim.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa