Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 1:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Salomo ƒo nu kple Israel blibo la, ame akpawo kple ame alafawo ƒe amegãwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple Israel blibo la ƒe amegãwo katã, amesiwo nye aƒekɔwo ƒe amegãwo;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Tete Solomo ƒo nu na Israel blibo la, na asrafo akpewo kple asrafo alafawo dzi kpɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple kplɔlawo katã le Israel kple ƒometatɔwo

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 1:2
13 Mawu Ofanana  

Eye fia la yi Gibeon, be yeasa vo le afima, elabena eya nye nuxeƒe vevitɔ; Salomo sa numevɔ akpe ɖeka le vɔsamlekpui ma dzi.


Eye esi Dawid de adaŋu kple ame akpewo kple ame alafa wo ƒe tatɔwo kpakple amegãwo katã la,


eye wògblɔ na wo bena: Miawoe nye Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo, miawo kple mia nɔviwò mikɔ mia ɖokui ŋu, eye miɖakɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la va teƒe, si mewo nɛ.


Tete Dawid yɔ Israel blibo la va Yerusalem, ne woaɖatsɔ Yehowa ƒe aɖaka la ava nɔƒe, si wòwɔ nɛ la.


Eye woawo hã dzidze nu abe wo nɔvi Aron viwo ke ene, le fia Dawid, Zadok kple Aximelex kpakple nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo ŋku me; aƒekɔwo ƒe ame tsitsiwo kple woƒe tsɛwo siaa.


Ke esi Eleazar viwo ƒe tatɔwo sɔ gbɔ wu Itamar viwo tɔ la, womã wo, ale be Eleazar viwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo le ame wuiade, eye Itamar viwo ƒe aƒekɔwo tɔ le wo ame enyi.


Esiawo nye Israel-viwo le woƒe xexlẽmewo nu, aƒekɔwo ƒe tatɔwo, ame akpewo kple ame alafawo ƒe amegãwo kpakple woƒe dɔdzikpɔlawo, amesiwo subɔ fia la, ha sia ha le eƒe ɖoɖo nu; wovana, eye wodzona dzinu sia dzinu le ƒe la me; ha sia ha le ame akpe blave vɔ ene.


Tele Dawid ƒo Israel ƒe amegãwo katã, toawo ƒe amegãwo, hawo ƒe amegã, siwo subɔa fia la, ame akpewo ƒe amegãwo kple ame alafawo ƒe amegãwo kpakple amesiwo kpɔa fia la kple viawo ƒe kesinɔnuwo kple lãhawo dzi la nu ƒu ɖe Yerusalem hekpe ɖe aƒedzikpɔlawo, kalẽtɔwo kple ŋutsu ŋkumesesẽtɔwo katã ŋu.


Tete fia Dawid gblɔ na ameha blibo la bena: Salomo, vinye ɖeka, si Mawu fia la, enye ɖekakpui dzaa, eye do la keke ta, elabena menye amegbetɔ ƒe fiasã wònye o, ke boŋ Yehowa, Mawu tae.


eye ameha blibo la kpe ɖe Salomo ŋu woyi vosaƒe le Gibeon, elabena Mawu ƒe agbadɔ, si Yehowa ƒe dɔla Mose wɔ le gbe dzi la, le afima.


Tete fia Xizkiya fɔ ŋdi kanya, eye wòƒo dumegãwo nu ƒu heyi Yehowa ƒe aƒe la me.


Fia la kple eƒe amegãwo kpakple ameha blibo la ɖo be, woaɖu ŋutitotoŋkekenyuie la le dzinu evelia me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa