Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 1:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Salomo, Dawid vi la, li ke le eƒe fiaɖuɖu la me, Yehowa, eƒe Mawu, no kplii, eye wòwɔe gã ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Solomo, David ƒe vi li ke eɖokui sesĩe ɖe eƒe fiaɖuɖu la me elabena Yehowa, eƒe Mawu la li kplii eye wòna eƒe ŋkɔ de dzi ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 1:1
17 Mawu Ofanana  

Le ɣemaɣi me la Abimelex kple eƒe aʋafia Pixol wogblɔ na Abraham bena: Mawu li kpli wò le nusianu, si nèwɔna la me.


Ke Yehowa nɔ kple Yosef, eye nusianu dze edzi nɛ nyuie, eye wònɔ eƒe aƒetɔ, Egiptetɔ la, ƒe me


Ke Yehowa nɔ kple Yosef, eye wòna gaxɔdzikpɔla ƒe dzime kɔ ɖe eŋu, eye wòve enu.


Esi eƒe aƒetɔ kpɔ bena, Yehowa li kplii, eye Yehowa na nusianu, si wòwɔna, dzea edzi nɛ la,


Eye Salomo bɔbɔ nɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la dzi, eye eƒe fiaɖuƒe la li ke ŋutɔ.


Tete fia la de se na Benaya, Yehoyada vi la, wòɖada nui ƒu anyi woku.


Menɔ anyi kpli wò le afisiafi, si neyi, eye metsrɔ̃ wò tutɔwo katã da le ŋgɔwò; eye mede ŋkɔ ŋuwò abe amegã, siwo le anyigba dzi la ƒe ŋkɔwo ene.


Eyata vinye, Yehowa ana kpli wò, natu Yehowa, wò Mawu ƒe xɔ la aɖe goe dedie, abe alesi wògblɔ ɖe ŋuwò ene.


Sika kple klosalo, akɔbli kple gayibɔ mele xexlẽ me o; eyata tso de do la ŋu, eye Yehowa ano kpli wò!


Eye Salomo bɔbɔ nɔ Yehowa ƒe fiazikpui la dzi hezu fia ɖe fofoa Dawid teƒe, eye dzɔgbenyuie le eŋu. Israel blibo la ɖo toe,


Yehowa wo Salomo gã ŋutɔŋutɔ le Israel blibo la ŋku me, eye wòtso fiaɖuɖu, si ŋu kafukafu le la nɛ, esi tɔgbe menɔ fia, siwo ɖu Israel dzi do ŋgɔ nɛ la si o.


hekpe ɖe eƒe dziɖuɖuwo katã, eƒe nu tsu wɔwɔwo kple nya, siwo dzɔ ɖe eya ŋutɔ kple Israel kpakple anyigba dzi fiaɖuƒewo katã dzi la ŋuti.


Ame geɖewo he nunanawo va Yerusalem na Yehowa kple nu xɔasiwo na Yuda-fia Xizkiya. Tso ekema dzi la eƒe ŋkɔ ɖe du le dukɔwo katã dome.


Eye wògblɔ bena: Manɔ anyi kpli wò! Eye esia anye dzesi na wo bena, nyee dɔ wò: Ne èkplɔ dukɔ la dzoe tso Egipte la, ekema miasubɔ Mawu le to sia dzi.


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena: Madze gɔme egbe ade asi gãɖoɖo me wò le Israel blibo la ŋku me, ne wòadze sii be, alesi mena kple Mose la, nenema ke mana kpli wò hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa