Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Tesalonikatɔwo 3:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ke miabui abe futɔ ene o, ke mixlɔ̃ nui abe nɔvi ene boŋ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Ke migabui be enye miaƒe futɔ o, ke boŋ miƒo nu nɛ abe nɔvi si hiã nuxlɔ̃ame ene.

Onani mutuwo Koperani




2 Tesalonikatɔwo 3:15
17 Mawu Ofanana  

Ne ame dzɔdzɔe ƒom la, lɔlɔ̃e; ne ehe to nam la, tamemi wònye, nye ta magbee o, nenye be, ele ewɔm atraɖi hã. Meɖoa gbe ɖa ɖe woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ŋu.


Nuxlɔ̃la nyanu enye sikasigɛ kple kɔgɛ, si wotsɔ sika nyuitɔ tui la, na to senu.


Na nu nunyala, eye wòaganya nu ɖe dzi; fia nu ame dzɔdzɔe, eye wòadzi eƒe nunyanya ɖe dzi.


Ke ne nɔviwò wo nuvɔ̃ ɖe ŋutiwò la, yi ɖaɖee fiae le mia kple eya ɖeka ko dome; ne eɖo to wò la, ekema eɖe nɔviwò.


Menye ɖe meŋlɔ nusiawo, bene maɖo ŋukpe mi o, ke boŋ bene maxlɔ̃ nu mi abe nye lɔlɔ̃viwo ene.


bene miatsɔ ame ma ade asi na Satana, bene wòagblẽ eƒe ŋutilã, ne woaxɔ eƒe gbɔgbɔ le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi.


Elabena nenye be, maƒo adegbe via ɖe wu le míaƒe ŋusẽ, si Aƒetɔ la tso na mi, bene míado mi ɖe ŋgɔ, eye menye be, miagblẽ mi o la ŋuti la, ŋu mele kpe ye ge o,


Eyata esi nyemele mia gbɔ o ŋuti la, meŋlɔ esiawo bena, ne mele mia gbɔ la, nyemagahe nya sesẽ le ŋusẽ, si Aƒetɔ la nam hena ame ƒe ŋgɔgbedede, eye menye eƒe gbegblẽ o la nu o.


Nɔviwo, ne vodadaa ɖe ɖi ɖe amea ɖe hã la, mi amesiwo nye gbɔgbɔmemewo la, miɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me; eye na ɖokuiwò dzi kpɔm nyuie, bene woagate wò hã akpɔ o.


Ke míele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo: Migbe nya na nu baɖa wɔlawo, mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo, mixɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, migbɔ dzi ɖi na amewo katã.


Ke miawo la, nɔviwo, migana ɖeɖi nate mia ŋu le do nyui wɔwɔ me o.


Ke miele se dem na mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la dzi bena, miahe mia ɖokui ɖa tso nɔvi sia nɔvi, si zɔna sakasaka, eye menye le nuɖoanyi, si wòxɔ le mía si la nu o la gbɔ.


Ne èxlɔ̃ nu kɔmamãwɔlaa ɖe zi ɖeka alo zi eve la, nagbee;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa