Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Tesalonikatɔwo 3:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke míele se dem na nenem me siawo, eye míele nu xlɔ̃m wo le mia Aƒetɔ Yesu Kristo me, bene woawɔ dɔ kpoo, eye woaɖu woa ŋutɔwo ƒe abolo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Míele kuku ɖem na ame mawo katã, eye míele gbe ɖem na wo hã le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be woadze kɔ anyi, awɔ dɔ atsɔ akpɔ wo ɖokuiwo dzii.

Onani mutuwo Koperani




2 Tesalonikatɔwo 3:12
9 Mawu Ofanana  

Abolo ƒuƒlu ɖuɖu, si me dzidzeme le, nyo wu aƒe, si me yɔ fũ kple akpedavɔsa, eye dzre kpe ɖe eŋu.


Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu agbagbadzedze kple dagbadagba ɖe ya me asiʋlo eve taŋ.


Na miaƒe abolo, si asu mia nu gbesiagbe la mi!


Fiafitɔ la nagafi fi o, ke boŋ nedze agbagba, ne woatso eƒe asiwo awɔ dɔ nyui, bene wòakpɔ nane aɖana hiãtɔwo.


Azɔ mlɔeba la, nɔviwo, miele kuku ɖem, eye míele nu xlɔ̃m mi le Aƒetɔ Yesu me, bene abe alesi miexɔe tso mia gbɔ, alesi dze be, miazɔ, eye miadze Mawu ŋu, eye abe alesi miezɔna hã ene la, miayi dzi geɖe wu;


eye miabui nudzeamee be, miano anyi kpoo, eye miawɔ mia ŋutɔwo miaƒe dɔ, eye miatsɔ miaƒe asiwo awɔ dɔ, abe alesi miede se na mi la ene,


eye mieɖu abolo dzro le amea ɖeke gbɔ o, ke boŋ mietsɔ agbagbadzedze kple kutrikuku wo ɖo zã kple keli, bena míagazu agba na mia dome amea ɖeke o,


le fiawo kple amesiwo katã ɖu amegãwo la ta, bene míanɔ anyi kpoo le ŋutifafa mele mawuvɔvɔ̃ kple nusi dzea bubu katã la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa