Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Tesalonikatɔwo 2:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Elabena sedzimawɔmawɔ ƒe nya ɣaɣla la le da wɔm ŋusẽtɔe xoxo; ɖeko wòle be, woaɖe amesi le ma xem vaseɖe fifi la da le mo la dzi hafi;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Ke nu si ŋutsu aglãdzela sia awɔ ne eva la le edzi yim xoxo le bebeme, gake eya ŋutɔ mava o va se ɖe esime ame si le mɔ xem nɛ la do ɖa le mɔ me nɛ hafi.

Onani mutuwo Koperani




2 Tesalonikatɔwo 2:7
9 Mawu Ofanana  

Menya bena, le nye dzodzo megbe la amegãxi nyanyrawo laɖo mia dome, amesiwo makpɔ alẽha la ta o;


Eye azɔ la mienya nusi xea mo nɛ, bena woaɖee ɖe go le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi.


Eye edze ƒã bena, gã enye mawusosroɖa ƒe nya ɣaɣla la: Mawu ɖe eɖokui fia le ŋutilã me, wotso afia nɛ le Gbɔgbɔ me, eɖe eɖokui fia mawudɔlawo, woɖe gbe ƒãe le trɔ̃subɔlawo dome, woxɔ edzi se le xexeame, woxɔe yi dzi le ŋutikɔkɔe me.


Viwo, ɣeyiɣi mamletɔe, eye abe alesi miese be, Kristo ƒe futɔ la gbɔna ene la, nenema ke Kristo ƒe futɔ geɖewo tsi tre azɔ: eya me míedze sii le bena, ɣeyiɣi mamletɔ lae.


eye gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ, si meʋua Yesu me o la, metso Mawu gbɔ o; eye esia nye Kristo ƒe futɔ la ƒe gbɔgbɔ, si ŋkɔ miese bena, egbɔna, eye azɔ la ele xexeame xoxo.


Eye woŋlɔ ŋkɔ, si nye nya ɣaɣla lã, ɖe eƒe ŋgonu bena: Babilon gã la, gbolowo kple anyigba dzi ŋunyɔnuwo ƒe dada.


Eye mawudɔla la gblɔ nam bena: Nukaŋuti wò mo wɔ yaa ɖo mahã? Magblɔ nyɔnu la kple lã, si le etsɔm, eye ta adre kple dzo ewo li nɛ la, ŋu nya ɣaɣla afia wò.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa