Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Tesalonikatɔwo 2:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 amesi tsia tre, eye wòdoa eɖokui ɖe dzi ɖe nusianu, si woyɔna be Mawu alo nusi wosubɔna la dzi, nenem bena wòbɔbɔ nɔ anyi de mawuƒe la me hele eɖokui fiam be, yenye Mawu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Atsi tsitre ɖe mawu bubuwo ŋu, eye ayi aɖagbã nu siwo katã amewo subɔna la kple afi si wosubɔa wo le la gudugudu. Ayi aɖanɔ Mawu ƒe gbedoxɔ me abe Mawu ene, eye wòable amewo be yee nye Mawu.

Onani mutuwo Koperani




2 Tesalonikatɔwo 2:4
13 Mawu Ofanana  

Ke Egiptetɔwo la, amegbetɔwo wonye, menye Mawu o; woƒe sɔwo la, ŋutilã wonye, menye gbɔgbɔ o; eye ne Yehowa do eƒe asi ɖa la, ke aɖe le xɔnametɔ la te, eye amesi wòle xɔxɔm na la, adze anyi, eye woa kple eve la siaa nu ayi.


Amevi, gblɔna Tiro-amegã be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi wò dzi le dadam, eye nele gbɔgblɔm be, Mawu yenye, eye Mawu ƒe nɔƒe yele le atsiaƒu titina, eye nèwɔ wò dzi abe Mawu to ene, evɔ wònye amegbetɔ nènye, eye menye Mawu o la, —


eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi. Esi newɔ wò dzi abe Mawu to ene la,


Ɖe àgblɔ emegbe le wuwòlawo ŋku me be, Mawu yenyea? Amegbetɔ nènye le amesiwo da nu wò la si me, eye menye Mawu o.


Fia la awɔ nusi dze eŋu, ado eɖokui ɖe dzi, eye wòatɔ asi akɔ ɖe mawu sia mawu ŋu, agblɔ ɖiŋudonyawo ɖe mawuwo dzi Mawu la ŋu, eye wòadze edzi nɛ, vaseɖe esime dziku la nu natso, elabena wole nusi woɖo la wó ge.


Atu eƒe fiasã ƒe agbadɔ ɖe atsyaƒu kple to kɔkɔe nyo la ɖome; ke eƒe nuwuwu aɖo, eye amea ɖeke maxɔ nɛ o.


Agblɔ nya tovowo ɖe dziƒoʋĩtɔ la ŋu, eye wòatsrɔ̃ dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo; aɖo ɖe ta me be, yeatrɔ ɣeyiɣiwo kple sewo, eye woatsɔ wo aɖe asi nɛ ɣeyiɣi ɖeka kple ɣeyiɣi eve kpakple ɣeyiɣi afã.


Meɖe ŋku ɖe dzoawo, eye kpɔ ɖa, dzo suea ɖe to ɖe wo domee, dzo sia to ŋku abe amegbetɔ ƒe ŋku ene, eye nu, si gblɔa nya gãwo la, li nɛ; eye wotu eƒe dzo gbãtɔwo dometɔ etɔ̃.


Elabena esi metsa le dua me, eye mekpe miaƒe nu subɔsubɔwo ɖa la, mekpɔ mlekpuia ɖe hã, si dzi woŋlɔ ɖo bena: „Mawu, si womenya o la tɔe.“ Azɔ nusi mienyã o, hafi miele esubɔm la, eya ke gblɔm mele le mia fiãm.


Ke nenye nusiwo woyɔna be mawuwo li hã, eɖanye le dziƒo alo anyigba dzi o, abe alesi mawu geɖewo kple aƒetɔ geɖewo li ene la;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa