Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Tesalonikatɔwo 2:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 bene woadrɔ̃ ʋɔnu amesiwo katã mexa nyateƒe dzi se o, ke boŋ madzɔmadzɔnyenye dze wo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 eye woadrɔ̃ ʋɔnu wo katã pɛpɛpɛ be woxɔ alakpa dzi se, wogbe nu le nyateƒe la gbɔ, eye wokpɔ dzidzɔ le woƒe nu vɔ̃wo me.

Onani mutuwo Koperani




2 Tesalonikatɔwo 2:12
21 Mawu Ofanana  

Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la.


Azɔ woƒe nuwɔwɔwo ɖe to ɖe wo, eye wotsɔ woƒe alakpadada do dzidzɔ na amegãwo


Mi amesiwo léa fu nyui, eye mielɔ̃a vɔ̃, mievuvua agbalẽ lewo ŋu kple lã le woƒe ƒuwo ŋu.


Ke esi wosee la, dzi dza wo, eye wodo ga ŋugbe nɛ be, yewoanae. Eye wòle asinu nyuia ɖe dim be, yeadee asi.


Amesi ke xɔe se, eye wode mawutsi ta nɛ la, woaxɔe ɖe agbe; ke amesi ke mexɔe se o la, wòabu fɔe.


Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia eyama dzi.


amesiwo nya Mawu ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔe la kɔte bena, amesiwo wɔa nusiawo la, wodze ku; eye womewɔa nusiawo ɖeɖeko o, hafi boŋ wokpɔa dzidzɔ le amesiwo wɔne la hã ŋuti.


Lɔlɔ̃ la neganye alakpanu o! Mitsri nuvɔ̃, milé ɖe nu nyui la ŋuti!


ke amesiwo lɔ̃a dzrehehe, eye womeɖoa to nyateƒe la o, hafi woɖoa to madzɔmadzɔnyenye boŋ la, wo tɔ anye dziku kple dɔmedzoe:


medzɔa dzi le nu madzɔmadzɔ ŋuti o, ke eya kple nyateƒee dzɔa dzi.


Tanye enye hlɔ̃biabia kple teƒeɖoɖo le gbesigbe woƒe afa ada; elabena woƒe gbegblẽɣi le aƒe tum, eye nusi woɖo ɖe wo ŋu la, le edzi ɖo ge kaba.


Elabena Mawu meɖo mí na dziku o, ke boŋ, bena xɔxɔ nasu mía si to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi,


kple madzɔmadzɔnyenye ƒe amebeble katã me le amesiwo le tsɔtsrɔm la dome; elabena womexɔ nyateƒe ƒe lolo, bene woaxɔ wo o.


eye le ŋukeklẽ me woatsɔ nyakpakpawo aɖi viɖe le mia ŋu, amesiwo ƒe fɔbubu mehe ɖe megbe tso blema ke o, eye woƒe gbegblẽ medɔa akalɔ̃e o.


Lɔlɔ̃tɔ, megasi nu vɔ̃ɖi o, ke srɔ̃ nu nyui boŋ. Amesi wɔa nu nyui la, Mawu gbɔ wòtso, eye amesi woa nuvɔ̃ la, mekpɔa Mawu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa