Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 9:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke esia gblɔm mele bena, amesi ƒã nu le nuveve me la, axa nu hã le nuveve me, eye amesi ƒã nu le yayra me la, axa nu hã le yayra me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Ke medi be esia nanɔ nyanya me na mi be, ame si ana nu sue aɖe la, nu si wòakpɔ ɖe eteƒe anɔ sue. Agbledela si ƒã nuku sue aɖe ko la, xaa nuku sue aɖe ko le nuxaɣi, gake nenye be wòƒã nuku sɔgbɔ la, axa nuku fũu le nuxaɣi.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 9:6
20 Mawu Ofanana  

Ame vɔ̃ɖi kpɔa viɖe ƒuƒlu; ke amesi ƒãa dzɔdzɔenyenye la, akpɔ fetu vavã.


Amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.


Woayra dɔmenyolɔ, elabena eɖe eƒe abolo hena ame dahe.


Na wò abolo nato tɔ dzi yii, elabena àgakpɔe le ŋkeke geɖewo megbe.


Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye megadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o, eɖanye asi alo ekeme alo woa kple eve lae le nyonyo ge o.


mina, eye woana mi, dzidzenu nyui, si wote, eye woʋuʋu wògbã go la, woatsɔ aɖo miaƒe akɔ; elabena dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.


Ke mele esia gblɔm bena, mia dome ɖesiaɖe gblɔna bena: Nye la, Paulo to menye! Nye la, Apolo to menye! Nye la, Kefa tɔ menye! Nye la, Kristo to menye!


Ke azɔ la Kristo tsi tre tso ame kukuwo dome, eye wòzu amesiwo dɔ alɔ̃ la dome ŋgɔgbetɔ.


Ke esia gblɔm mele, nɔviwo, bena ɣeyiɣi la le kpuie; eyata azɔ la amesiwo si nyɔnu le la, manɔ abe ɖe ɖeke mele wo si o ene;


Ke amesi tsoa nuku kple abolo hã kea nuƒãla, bene wòakpɔ nuɖuɖu la, ana nuku mi, eye wòana miaƒe dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse natsi nyuie,


Ke mebui nu vevi bena, mexlɔ̃ nu nɔviawo, bena woadze ŋgɔ ava mia gea, bene woadzra yayra, si ŋugbe mieɖo xoxo la, ɖo ɖi, bene wòasɔ gbe abe yayra ene, eye menye abe ŋukeklẽ ene o.


Ke esia gblɔm mele: Nubabla, si dzi Mawu ɖo kpee ɖi hena Kristo la, se, si wode ƒe alafa ene kple blaetɔ̃ megbe la, mele ŋu tui, bene woaɖe ŋugbedodo la ɖa o.


Ke mele egblɔm be: Miza le Gbɔgbɔ me, eye miele ŋutilã ƒe nudzodzro dzi wo ge o.


Azɔ la mele esia gblɔm, eye mele ɖase ɖim le Aƒetɔ la me bena, azɔ la miagazɔ abe alesi trɔ̃subɔlawo hã zɔna le woƒe tamesusu ƒe yakanyenye me la ene o,


Ke esia gblɔm mele bena, amea ɖeke nagable mi kple nyaƒoƒoɖeamenu o.


Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lalã, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm lã be o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa