Eye migblɔ be: Wò Mawu, miaƒe xɔla, xɔ na mi, ƒo nua nu ƒu, eye ɖe mi tso dukɔwo si me, ne míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la, eye miatsɔ wò kafukafu aƒo adegbee!
Egblɔ bena: Nu tsɛ wònye be, nènye nye dɔla, ne nafɔ Yakob ƒe toawo ɖe tsitrenu, eye nakplɔ Israel ƒe amesiwo woɖe la agbɔe; metsɔ wò ɖo kekeli na dukɔwo hã, ne nanye nye xɔname vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.
ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.
Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.