Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 9:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 bena miazu kesinɔtɔwo le nusianu me ahaɖe miaƒe dɔmenyonyo katã, si wɔ be, woada akpe na Mawu to mia dzi la afia.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Mawu ŋutɔ ana be miazu kesinɔtɔwo ale be miate ŋu ana nu ame dahewo ɣe sia ɣi, ale be ne míetsɔ wo yii na wo la, woada akpe geɖe na Mawu le ale si miekpe ɖe wo ŋu ta.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 9:11
15 Mawu Ofanana  

Tete nunɔlagã Azarya tso Zadok-ƒe me ɖo ŋu nɛ gblɔ bena: Tso esime wode asi nudzɔdzɔ tsɔtsɔ me va Yehowa-ƒe me la, mieɖu nu ɖi ƒo, eye wòkpɔtɔ taŋtaŋ, elabena Yehowa yra eƒe dukɔ la, eyata nu gbogbo siawo kpɔtɔ.


Alo ɖe ma mele asinye bena, mawɔ nusi nye tɔnye la ŋuti do, alesi melɔ̃ o mahã? Alo nye ɖɔmenyonyo ŋutie nèle ŋku biam ɖe ŋutinye ɖo mahã?


Nenema ke amesi xɔ eve la, ɖe vi eve ɖe wo dzi.


ne amea ɖe le nu xlɔ̃m la, nena nuxɔxlɔ̃ dzi; amesi naa nu ame la, nena nu le dzimekɔkɔ me; amesi nɔa ame nu la, nedo vevie; amesi kpɔa nublanui na ame la, nekpɔe kple dzidzɔ.


bena miezu kesinɔtɔwo le nusianu me le eyama me, le nufiafia katã kple sidzedze katã me,


Esi miawo hã míetsɔa miaƒe kukuɖeɖe kpena ɖe mía ŋuti, bene ame geɖe nada akpe le mía ta le amenuvevenunana, si ame geɖe ƒe kukuɖeɖe na wòsu mia si la ŋuti.


Elabena wowɔ wo katã le mia ta, bene amenuveve, si sɔ gbɔ ɖe dzi to ame geɖeawo dzi la, nana akpedada la nagba go hena Mawu ƒe kafukafu.


Ke woada akpe na Mawu, amesi tsɔ nenem veviedodo le mia ŋuti sia de Tito ƒe dzi me;


Ke menye esia ɖeɖeko o, hafi hamewo tiae hã, bene wòanye mía hamɔzɔla le amenuveve sia, tsi miewɔna hena Aƒetɔ la ƒe kafukafu kple míaƒe lɔlɔ̃ ƒe ɖeɖefia la me.


Elabena nunana sia ƒe subɔsubɔdɔ la menye ɖe wòde ame kɔkɔeawo ƒe hiãtutu nu ɖeɖe o, ke boŋ egba go le akpedada geɖe me hena Mawu hã;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa