Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 9:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke amesi tsoa nuku kple abolo hã kea nuƒãla, bene wòakpɔ nuɖuɖu la, ana nuku mi, eye wòana miaƒe dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse natsi nyuie,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Ke Mawu, ame si naa nuku agbledela wòƒãna, eye emegbe la, wòyrana ɖe edzi be wòakpɔ nuɖuɖu gbe sia gbe la ana nuku geɖewo mi be miaƒã, eye wòana woatsi aʋã nyuie ale gbegbe, be miakpɔ nuku geɖe le nuxaɣi, be miatsɔ ɖewo ana ame bubuwo hã.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 9:10
16 Mawu Ofanana  

Nukaŋuti miaku ɖe gbɔwò? Tsɔ bli ƒle mia kple míaƒe agblenyigbawo, bena mía ŋutɔwo kple miaƒe agblenyigbawo nanye Farao tɔ! Na bli mí, bena míatsi agbe, eye miagaku, ne míaƒe agblenyigbawo nagazu afuti o.


Ame vɔ̃ɖi kpɔa viɖe ƒuƒlu; ke amesi ƒãa dzɔdzɔenyenye la, akpɔ fetu vavã.


Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye megadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o, eɖanye asi alo ekeme alo woa kple eve lae le nyonyo ge o.


Elabena alesi tsidzadza kple sno dzana tso dziƒo, eye megagbugbɔna yina o, ke boŋ wòdea tsi anyigba wònana wòmiea nu heʋãa nu, eye wònaa nuku nuƒãla kple abolo, ne woaɖu la,


Miƒã dzɔdzɔenyenye, eye mixa nu kple lɔlɔ̃; mide agble yeye, elabena azã ɖo be, míadi Yehowa, vaseɖe esime wòava, eye wòana dzɔdzɔenyenye nadza ɖe mía dzi.


Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, ne miagawɔ miaƒe dzɔdzɔenyenyenu le amewo ƒe ŋku me, be woakpɔ o; ne menye nenem o la, fetua ɖeke meli na mi le mia Fofo, si le dziƒowo la, gbɔ o.


Elabena nunana sia ƒe subɔsubɔdɔ la menye ɖe wòde ame kɔkɔeawo ƒe hiãtutu nu ɖeɖe o, ke boŋ egba go le akpedada geɖe me hena Mawu hã;


Ke esia gblɔm mele bena, amesi ƒã nu le nuveve me la, axa nu hã le nuveve me, eye amesi ƒã nu le yayra me la, axa nu hã le yayra me.


Azɔ la, amesi tso Gbɔgbɔ la kea mi, eye wòwɔa ŋusẽdɔwɔwɔwo le mia me la: Se la ƒe dɔwɔwɔwo mee wòto loo, alo xɔse ƒe nyagbɔgblɔfia la me wòtoa?


Mizɔ abe kekeliviwo ene! Elabena kekeli ƒe kutsetse la le dɔmenyonyo kple dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe katã me.


bene dzɔdzɔenyenye ƒe ku, si wotsena to Yesu Kristo dzi la, nayɔ mi fũ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu.


Menye be, mele nane dim o, ke boŋ mele didim bena, kutsetse nasɔ gbɔ ɖe edzi na miaƒe akɔnta.


Ke miawo la, Aƒetɔ ana miatsi ɖe dzi ahagba go le lɔlɔ̃ na mia nɔewo kple amewo katã me, abe alesi míawo hã míele na mi la ene,


elabena miewɔ esia ke na nɔvi, siwo katã le Makedonia blibo la katã. Ke míele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena miayi dzi geɖe wu,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa