Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 8:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Nyemele egblɔm abe sedede ene o, ke boŋ metsɔ ame bubuwo ƒe veviedodo do miaƒe lɔlɔ̃ hã ƒe vavãnyenye kpɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Menye ɖe mele se dem na mi alo le mia dzi zim be miawɔ nunana kokoko o, ke boŋ ale si wònye hame bubuwo ƒe didi vevie be yewoawɔ nunana alea tae medi be miawo hã miaɖe miaƒe lɔlɔ̃ afia abe hame bubuwo ene.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 8:8
19 Mawu Ofanana  

Woava akpe ta ɖe gbɔwò, eye woabɔbɔ nɔ ŋkuwò me abe nye dukɔ ene ahase wò nyawo, ke womawɔ wo dzi o, hafi boŋ anɔ ŋɔnɔe le nu me na wo, eye woƒe dzi adze viɖe yome.


Lɔlɔ̃ la neganye alakpanu o! Mitsri nuvɔ̃, milé ɖe nu nyui la ŋuti!


Ke ame mamlewo la, nyee le egblɔm na wo — menye Aƒetɔ lae o — bena, ne nyɔnu, si mexɔ se o la, le nɔvia ɖe si, eye wòdze nyɔnua ŋu bena, yeana egbɔ la, negagbee o.


Ke ɖetugbiwo la, nyemexɔ asea ɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ le wo ŋuti o, gake maɖo aɖaŋu na wo, abe amesi kpɔ nublanuikpɔkpɔ tso Aƒetɔ la gbɔ, bene manye nuteƒewɔla la ene.


Ke mele esia gblɔm le mɔnana nu, eye menye le sedede nu o.


le dzadzɛnyenye me, le sidzedze me, le dzigbɔgbɔ blewu me, le dɔmenyonyo me, le Gbɔgbɔ kɔkɔe me, le lɔlɔ̃, si me alakpa mele o la me,


Eye meɖo aɖaŋu le esia me; elabena esia nyo na mi amesiwo meto ewɔwɔ gɔme ɖeɖeko o, ke boŋ edidi hã, anɔ ƒe ɖeka enye esi.


Azɔ ne míeɖe miaƒe lɔlɔ̃ kple miaƒe adegbe, si míeƒona le mia ŋuti la, ƒe dzesi fia woamawo la, ekema mieɖee fia le hameawo ŋku me.


Elabena menya bena, miele edzi lɔ̃m, eye metsɔ esia ƒo adegbe le mia ŋuti le Makedoniatɔwo gbɔ, bena Axaya dzra eɖokui ɖo xoxo anɔ ƒe ɖeka enye si, eye veviedodo, si tso mia gbɔ la, de dzo ame geɖeawo me.


Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzo la, eyae Mawu lɔ̃na.


ke boŋ la mianye anukwaretɔwo le lɔlɔ̃ me, eye le nusianu me míatsi ali ke ɖe Kristo, si nye ta la me,


Amenuveve nanɔ anyi kple amesiwo katã lɔ̃a mía Aƒetɔ Yesu Kristo ɖikaɖika la.


eye míalé ŋku ɖe mia nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me,


Eyata mivɔ̃ Yehowa, eye misubɔe blibo le nyateƒe me, miɖe mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo kple Egipte la ɖa, eye misubɔ Yehowa!


Esi mieto Gbɔgbɔ la me wɔ miaƒe luʋɔwo kɔkɔe le toɖoɖo nyateƒe la me hena nɔvilɔlɔ̃, si me alakpa mele o la, eyata milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi dzadzɛ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa