Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 8:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 eye menye alesi míekpɔ mɔ la ɖeɖeko o, ke boŋ wotsɔ wo ɖokui na Mawu gbã kpakple míawo hã to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Esi ƒo wo katã ta, eye wòwɔ nuku na mí lae nye be wotsɔ wo ɖokuiwo na Aƒetɔ la kple míawo hã to Mawu ƒe amenuveve me, eye wolɔ̃ be yewoaɖo to nya sia nya si míegblɔ na yewo la.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 8:5
15 Mawu Ofanana  

Tete gbɔgbɔ la dze Amasai, si nye ame blaetɔ̃awo ƒe tatɔ la dzi wògblɔ bena: Dawid, tɔwò míenye; Isai vi, dziwò míele! Ŋutifafa, ŋutifafa enye tɔwò, eye ŋutifafa nye amesi xɔ na wò la ta, elabena Yehowa, wò Mawu la, xa na wò! Tete Dawid xɔ wo, eye wòtsɔ wo ɖo tatɔwo ɖe aʋakɔwo nu.


Mawu ƒe asi va Yuda hã dzi, eye wòna dzi ɖeka ŋugbee wo, be woawɔ fia kple amegãwo ƒe se la dzi le Yehowa ƒe nya nu.


Migasẽ ta me abe mia fofowo ene o, ke boŋ mina asi Yehowa, eye miva eƒe kɔkɔeƒe, si ŋu wòkɔ tegbee la, eye misubɔ Yehowa, mia Mawu, ne eƒe dɔmedzoe nu nata ɖe mia ŋu.


ke boŋ nusi mele babla ge kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe la, enye esi: Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ, Yehowa ye gblɔe.


Matso akpa etɔ̃liawo ɖeka aɖe dzo me ahalóloe, abe alesi wolóloa klosalo ene, eye madoe akpa, abe alesi wodoa sika kpɔna ene Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo; magblɔ be: Nye dukɔ nye esi, eye woawo agblɔ be: Yehowa enye nye Mawu!


Azɔ mexlɔ̃ nu mi, nɔviwò, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatso miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti ko, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.


Eye migatsɔ mia ŋutinuwo wo madzɔmadzɔnyenye ƒe aʋawɔnuwo na nuvɔ̃ la o; ke mitsɔ mia ɖokui ɖo anyi na Mawu, abe amesiwo wogbɔ agbe tso ame kukuwo dome ene, eye mitso miaƒe ŋutinuwo wo dzɔdzɔenyenye ƒe aʋawɔnuwo na Mawu boŋ?


Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo si woyɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me la, kpakple nɔvi Sostenes,


Elabena mieɖea gbe ƒã mía ɖokui o, ke boŋ Kristo Yesu, bena eyae nye Aƒetɔ la, ke míawo míenye subɔlawo le Yesu ŋuti,


Ke, nɔviwo, miana mianya Mawu ƒe amenuveve, si wòna le Makedonia hamewo me.


Eyata mekplɔe ve na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, elabena Yehowa si me wobiae le. Eye wòdo gbe ɖa na Yehowa le afima.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa