Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 8:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Le Tito gome la, nye zɔhɛ wònye, eye hadɔwɔla wònye le mia gbɔ; le nɔvi, siwo tso mía gbɔ gome la, hame ƒe ame dɔdɔwo wonye kple bubu na Kristo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Ɖewohĩ ne ame aɖe bia mi be ame kae nye Tito hã la, migblɔ be enye nye dɔwɔhati, eye wònye tenyeƒenɔla le mia gbɔ. Eye ne wobia nu tso nɔvi eve bubuawo hã ŋu la, migblɔ ko be ame dɔdɔwo wonye tso hame bubuawo me, eye wonye subɔla vavãwo kple bubu na Kristo.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 8:23
20 Mawu Ofanana  

nenema ke hãe nye Yakobo kple Yohanes, Zebedeo ƒe viwo, amesiwo nye Simon ƒe hadɔwɔlawo. Eye Yesu gblɔ na Simon bena: Megavɔ̃ o! Tso esia dzi yina la èle amewo ɖe ge.


eye wòmia asi wo tɔ, siwo le ʋu bubu me la bena, woava ade asi eme na yewo. Eye wova, eye woyɔ ʋuawo kple eve fũ, ale be woɖe asi toyiyi me.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Subɔla mewua eƒe aƒetɔ o, eye ame dɔdɔ hã mewua amesi dɔe ɖa la o.


Hafi ŋutsu la negatsyɔ nu ta o; elabena Mawu ƒe nɔnɔme kple eƒe bubu wònye, ke nyɔnu enye ŋutsu ƒe bubu.


Mexlɔ̃ nu Tito, eye medɔ eya kple nɔvi la ɖo ɖa. Alo ɖe Tito ba mia? Menye gbɔgbɔ ma ke me miezɔ le oa? Menye afɔɖoƒe ma ke me miezɔ le oa?


Ke Mawu, amesi fa akɔ na ame bɔbɔɖeanyiwo la, fa akɔ na mí le Tito ƒe vava la me.


Ke woada akpe na Mawu, amesi tsɔ nenem veviedodo le mia ŋuti sia de Tito ƒe dzi me;


Ke míedɔ eya kple nɔvi, si ŋu kafukafu le le nyanyuie ŋuti le hamewo katã me la, ɖo ɖa.


Ke menye esia ɖeɖeko o, hafi hamewo tiae hã, bene wòanye mía hamɔzɔla le amenuveve sia, tsi miewɔna hena Aƒetɔ la ƒe kafukafu kple míaƒe lɔlɔ̃ ƒe ɖeɖefia la me.


Ke miedɔ wo kpakple mía nayi, si miedo kpɔ le nu geɖe me enuenu, eye miekpɔ bena, edoa vevie; ke azɔ la ele vevie dom geɖe wu tsãtɔ le dziɖoɖoɖeameŋu gã, si wòɖo ɖe mia ŋu la ta.


ale bena míexlɔ̃ nu Tito bena, alesi ke wòdze egɔme xoxo la, nenema ke wòawu amenuveve sia nu le mia dome hã.


Gake la mebu bena, ele vevie be, madɔ nɔvinye Epafrodito, si nye hanyedɔwɔla kple hanyeʋawɔla kple miaƒe apostolo kpakple nye nuhiahiã ƒe dɔla la, aɖo ɖe mi;


Ẽ, mele kuku dem na wò hã, hanyedɔwɔla vevi, bena naxɔ na nyɔnu siawo; elabena wodze agbagba le nyanyuie la la hekpe ɖe mía kple Klemens kpakple hanyedɔwɔla susɔeawo, amesiwo, ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbegbalẽa me la ŋuti.


abe alesi miesrɔ̃e hã le Epafra, mia hadɔwɔla lɔlɔ̃tɔ, si nye Kristo ƒe subɔla nyateƒetɔ na mi la gbɔ ene;


ke boŋ wònye míekpe fu, eye wodo vlo mi le Filipi tsã hafi, abe alesi mienyae ene, gake míekpɔ dzideƒo le mía Mawu me hegblɔ eƒe nyanyuie la fia mi le ʋiʋli geɖe me.


Elabena Dema gblẽm tii, le esi wògalɔ̃ fifi xexe sia me la ŋuti, eye wòyi ele Tesalonika; Kreske yi de Galatia, Tito yi de Dalmatia.


ŋlɔ ɖo ɖe Tito, vinye vavã le mí ame eve ƒe xɔse la nu: Amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa, si tso Mawu, Fofo la, kple Aƒetɔ Yesu Kristo, mía xɔla gbɔ la, woana wò!


Ke azɔ la, ne èbum wò hadela la, xɔe abe nye ŋutɔ ene.


kple Marko kple Aristarxo kple Dema kpakple Luka, hanyedɔwɔlawo, ɖuɖɔ mi ƒã.


Eyata ele na mí be, miaxɔ nenem me siawo, bene míazu woƒe hadɔwɔlawo na nyateƒe la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa