Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 7:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Elabena ne mena míexa nu le agbalẽa me hã la, mevem o; eye ne evem hã la — elabena mekpe bena, agbalẽ ma la, nenye ɣeyiɣi kpuia ɖe koe wòna míexa nu hã —

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Fifia la, megavem be meŋlɔ agbalẽ sesẽ ma ɖo ɖe mi o, togbɔ be mexa nu geɖe le eŋu le gɔmedzedzea me hã la, menya be miawo hã miexa nu ɣeyiɣi kpui aɖe ko.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 7:8
15 Mawu Ofanana  

ke boŋ ne edo nuxaxa na ame la, egakpɔa nublanui le eƒe amenuveve geɖe la nu.


Hafi boŋ, esi megblɔ esiawo na mi la, nuxaxa yɔ miaƒe dzi me fũ.


Egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Simon, Yona vi, mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eve Petro, elabena egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eye wògblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, wòe nya nuwo katã, wòe dze sii bena, nyemena nu gbɔwò o. Yesu gblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽawo.


Elabena kpɔ ɖa, nenem nuxaxa sia, si míexa ɖe Mawu ƒe didi nu la, aleke wòhewɔ veviedodo geɖe na mi? Ẽ mia ɖokui taʋiʋli, ẽ dzibibi, ẽ vɔvɔ̃, ẽ didi vevi, ẽ ŋuʋaʋã, ẽ hlɔ̃biabia hã! Nusianu me míeɖe mia ɖokui fia be, mienɔ dzadzɛ le nya sia me.


Eyata ne meŋlɔe na mi hã la, nyemeŋlɔe le amesi wɔ vɔ̃ sia ŋuti alo amesi ŋuti wowɔ vɔ̃ sia ɖo la ŋuti o; ke boŋ bene miaƒe veviedodo le mía ŋuti la nadze ƒã le mia dome le Mawu ƒe ŋku me.


Ke Mawu, amesi fa akɔ na ame bɔbɔɖeanyiwo la, fa akɔ na mí le Tito ƒe vava la me.


Ke menye eƒe vava me ɖeɖeko o, ke le akɔfafa, si wotso fa akɔ nɛ le mia ŋuti la hã me boŋ; elabena egblɔ miaƒe didi vevi kple miaƒe avifafa kple miaƒe ŋuʋaʋã le tanye la fia mí, ale bena mekpɔ dzidzɔ wu tsãtɔ.


gake azɔ dzi le dzɔyem, menye esi wòna míexa nu la ŋuti o, hafi bena wòna míexa nu hena dzimetɔtrɔ boŋ; elabena ena míexa nu ɖe Mawu ƒe didi nu, bena bubu naganɔe na mi le naneke me atso mía gbɔ o.


Nye la, ame geɖe alesi nu melɔ̃na la, mekaa ŋku me na, eye mehea to na; eyata ɖo vevie, be natrɔ le wò dzi me?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa