Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 7:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Miʋu mia ɖokui na mí! Miewɔ vɔ̃ ɖe amea ɖeke ŋuti o, miegblẽ amea ɖeke o, mieha amea ɖeke o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Le míaƒe dɔwɔwɔ me kpli mi la, míekplɔ ame aɖeke to mɔtatra aɖeke dzi o, míeba ame aɖeke alo gblẽ ame aɖeke ƒe naneke o, eya ta miʋu miaƒe dziwo ƒe ʋɔtruwo ne miaxɔ mí ɖe wo me.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 7:2
23 Mawu Ofanana  

Tete dɔme ve Mose ŋutɔ, eye wògblɔ na Yehowa bena: Megatrɔ ɖe woƒe vɔsa la ŋu o! Nyemexɔ tedzi ɖeka hã le wo si o, eye nyemewɔ vɔ ɖe wo dometɔa ɖeke ŋu hã o.


Eye amesi ke mexɔ mi o, eye meɖo to miaƒe nyawo hã o la, mido go tso aƒe ma alo du ma me, eye miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti ɖe anyi.


Amesi ke xɔa mi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke xɔam la, exɔ amesi dɔm ɖa.


Eye ɖu, si ke me mieyi ɖo, eye woxɔ mi la, miɖu nusiwo ke wotsɔ ɖo mia kɔme,


Nyemedi amea ɖeke ƒe klosalo alo sika alo awu o.


Elabena nenem mesiawo mesubɔa mía Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke woƒe ƒodo boŋ wosubɔna, eye wotsɔ nuƒoƒo nyui kple yayranyawo blea amesiwo mesusu vɔ̃a ɖeke o la ƒe dziwo.


Elabena miaƒe adegbeƒoƒo enye esi: Míaƒe dzitsinya ƒe ɖase, si wòɖina bena, miezɔ le xexe sia me le Mawu ƒe dzimekɔkɔ kple dzi dzadzɛ me, eye menye ŋutilã ƒe nunya me o: ke le Mawu ƒe amenuveve me boŋ, vevietɔ le mia dome.


Megale egblɔm bena, amea ɖeke nagabum bometsila o; ke ne miebum nenema la, ekema mixɔm abe bometsila ene, bene nye hã maƒo adegbe le ɖokuinye ŋuti vie.


elabena nɔvi, siwo tso Makedonia va la, na nusiwo hiãm la, wòsɔ gbɔ de nunye, eye mekpɔ ɖokuinye dzi le nusianu me, bene nyemaganye agba na mi o, eye magakpɔ ɖokuinye dzi.


Ke míegbea ŋukpenanu ɣaɣlawo boŋ, eye miezɔna le aɖaŋu vɔ̃ me o, eye miebaɖa mawunya hã o, hafi boŋ mietsɔa nyateƒe ƒe ɖeɖefia ɖea mía ɖokui fiãa amewo katã ƒe dzitsinya le Mawu ƒe ŋku me.


Eyaŋuti la mixɔe le Aƒetɔ la me kple dzidzɔ katã, eye mibu amesiawo tɔgbe.


Aristarxo, hanyegatɔ, kple Marko, Barnaba srɔ̃nyi, si ŋuti miexɔ ɖu le la — ne eva mia gbɔ la, mixɔe —


Miawoe nye ɖaseɖilawo kple Mawu hã, alesi mieno anyi kɔkɔe kple dzɔdzɔe kple mokaka manɔŋui le mi amesiwo xɔe se la gbɔ,


amesi megbugbɔ le ɖoɖom ɖe wò la. Wò la xɔ eyama, eyae nye nye ŋutɔ nye dzi,


Ke azɔ la, ne èbum wò hadela la, xɔe abe nye ŋutɔ ene.


Ne amea ɖe va mia gbɔ, eye mehe nufiafia sia ɖe asi vɛ o la, migaxɔe ete aƒea me o, eye migado ɖoa ƒe hã ne o:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa