Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 7:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye miaƒe nu lé dzi nɛ geɖe wu, esi wòɖo ŋku mi katã miaƒe toɖoɖo la dzi, alesi mietsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya xɔe la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Azɔ ne Tito hã ɖo ŋku ale si mieɖo toe le nu si wòfia mi me, ale si mieɖe lɔlɔ̃ fiae kple ale si miexɔe kple dzi blibo dzi la, enana be eya hã ƒe lɔlɔ̃ na mi gadzina ɖe edzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 7:15
23 Mawu Ofanana  

Enumake Yosef tso nuƒoƒo la, eye eƒe dɔme trɔ ɖe nɔvia ŋu, eye wòdi be, yeafa avi; eyata wòyi ɖe eƒe xɔgã me ɖafa avi le afima.


Tete nyɔnu, si ƒe vi nye agbagbea, gblɔ na fia la bena: Taflatse aƒetɔ, mitsɔ ɖevi gbagbe la nɛ, eye migaxawui o! Elabena eƒe dɔ me trɔ ɖe via ŋu. Ke ekemea gblɔ bena: Menye tɔnye o, eye maganye eya hã tɔ o, mife eme ko!


Tete Yuda-ŋutsuwo kple Benyamin-ŋutsuwo va kpe ta ɖe Yerusalem le ŋkeke etɔ̃ megbe le dzinu asiekelia ƒe ŋkeke blavelia dzi, eye dukɔ blibo la haha nɔ anyi ɖe dogba dzi le Mawu ƒe xɔ la ŋgɔ, eye wole dzodzom nyanyanya le nya la kple tsidzadza ta.


Eye amesiwo katã vɔvɔ̃ ɖo le Israel ƒe Mawu ƒe nya, siwo wògblɔ ɖe aboyomeawo ƒe nu tovo wɔwɔ ŋu la, kpe ta ɖe gbɔnye, eye mebɔbɔ nɔ anyi de kɔ to, vaseɖe esime fiẽnuɖuvɔsaɣi ɖo.


Hm, ne meɖo ŋku edzi la, vɔvɔ̃a ɖoam, eye nye lãme blea fu.


Nye lãme lulu le wò ŋɔdzi ta, eye wò ʋɔnudɔdrɔ̃ tso dzika ƒo nam.


Misubɔ Yehowa kple vɔvɔ̃, eye mitso aseye kple dzodzo nyanyanya!


Nye lɔlɔ̃tɔ do asi ɖe fesre nu, tete nye lãme gbagba yi ɖe eŋu.


Yehowa be: Nye asie wɔ nusiawo katã, ale be nusiawo katã li. Ke melé ŋku ɖe amesiwo ŋu: ɖe hiãtɔwo kple amesiwo ƒe gbɔgbɔ wote ɖe anyi, eye wovɔ̃a nye nyawo la ŋu.


Ne Efrayim ƒo nu la, ŋɔdzi ɖoa ame; eyae nye tatɔ nɔ Israel; ke eɖi fɔ to Baal dzi, eye wòku.


Nyɔnu la, ne fu le eɖum la, exaa nu, elabena eƒe gaƒoƒo la ɖo; ke ne edzi vi la vo la, emegaɖoa ŋku eƒe nuxaxa dzi o, le dzidzɔ ta bena, yedzi ame ɖe xexeame.


Tete wòbia akaɖi, eye wòƒu du yi ɖe eme, eye wòle dzodzom nyanyanya hedze Paulo kple Sila ƒe afɔ nu


Eye mena mia gbɔ le gbɔdzɔgbɔdzɔ kple vɔvɔ̃ kpakple dzodzo nyanyanya geɖe me;


Elabena eyata meŋlɔ na mi, bene madze si miaƒe kelili, abe ɖe míeɖoa to le nusianu me ene.


Miexaxa le mía me o; ke miexaxa le mia ŋutɔwo miaƒe dzi me.


Mi dɔlawo la, miɖo to mia aƒetɔwo le ŋutilã nu kple vavã kpakple dzodzo nyanyanya le miaƒe dzimekɔkɔ me abe Kristo ene,


Elabena Mawue nye nye ɖaseɖila, alesi mi katã miele dzroyem vevie le Yesu Kristo ƒe dɔmetɔtrɔ la me.


Eyaŋuti, nye lɔlɔ̃tɔwo, abe alesi mieɖoa to ɖaasi ene la, mitsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya wo mia ŋutɔwo miaƒe xɔxɔdɔ la; menye abe esime menɔ mia gbɔ ene la ɖeɖeko o, ke boŋ azɔ, esi nyemele mia gbɔ o la, miwɔe geɖe wu!


Eyata esi míenye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu,


Ke ne amea ɖe meɖo to miaƒe nya, si le agbalẽ sia me o la, miɖe dzesi eyama, eye migade ha kplii o, bene ŋu nakpee.


Amesi ke xexemenuwo le esi, eye wòkpɔ nɔvia hiã tui, eye wosẽ dzime ɖee heku ŋɔe la, ekema aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ la nɔa emee mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa