Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 7:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Elabena ne meƒo adegbe le nane me le mia ŋuti le eƒe ŋku me la, mezu ŋukpe nam o, hafi alesi miegblɔ nuwo katã na mi le nyateƒe mee la, nenema ke míaƒe adegbe, si míeƒo le Tito ƒe ŋku me la, hã zu nyateƒe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Hafi Tito nadzo le gbɔnye la, metsɔ mi ƒo adegbe nɛ, eye meɖi ɖase nyui le mia ŋuti nɛ, eye vavã miewɔ nu siwo megblɔ nɛ tso mia ŋuti la hã nɛ. Abe ale si metoa nyateƒe na mi le nu sia nu me ene la, nenema ke megblɔ nyateƒe tso mia ŋuti na Tito hã.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 7:14
12 Mawu Ofanana  

Mewo ɖokuinye kɔkɔe ɖe wo ta, bena woawo hã woazu ame kɔkɔewo le nyateƒe la me.


Elabena nenye be, maƒo adegbe via ɖe wu le míaƒe ŋusẽ, si Aƒetɔ la tso na mi, bene míado mi ɖe ŋgɔ, eye menye be, miagblẽ mi o la ŋuti la, ŋu mele kpe ye ge o,


Ke nenye ɖe maɖi be, maƒo adegbe la, nyemazu bometsila o; elabena magblɔ nyateƒe; ke nyemele ewɔ ge o, bene amea ɖeke nagabu ŋutinye wu alesi wòkpɔam alo alesi wòsea nya le nunye


nyemekpɔ dzudzɔ le nye gbɔgbɔ me o; elabena nyemekpɔ nɔvinye Tito o, ke boŋ meklã wo, eye meto dzi yi Makedonia.


Eyaŋuti wofa akɔ na mí; ke hekpe ɖe míaƒe akɔfafa sia ŋuti la miekpɔ dzidzɔ geɖe wu le Tito ƒe dzidzɔ la ŋuti, esi eƒe gbɔgbɔ kpɔ gbɔɖeme tso mi katã mia gbɔ la ŋuti.


Dzideƒo geɖe lé asinye le mia ŋuti, meƒo adegbe geɖe hã le mia ŋuti, akɔfafa yɔm taŋ, megba go le dzidzɔkpɔkpɔ me le míaƒe xaxa katã me.


Ke Mawu, amesi fa akɔ na ame bɔbɔɖeanyiwo la, fa akɔ na mí le Tito ƒe vava la me.


Azɔ ne míeɖe miaƒe lɔlɔ̃ kple miaƒe adegbe, si míeƒona le mia ŋuti la, ƒe dzesi fia woamawo la, ekema mieɖee fia le hameawo ŋku me.


bena miaƒe adegbeƒoƒo la nasɔ gbɔ ɖe dzi le Kristo Yesu me le tanye to esia me, bena magava mia gbɔ.


ale bena mia ŋutɔwo míeƒoa adegbe le mia ta le Mawu ƒe hameawo me le miaƒe dzidodo kple miaƒe xɔse, si le mia si le miaƒe yometitiwo kple xaxa, siwo miekpɔna me la ŋuti;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa