Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 6:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 eye manye Fofo na mi, eye miawo hã mianye vinyeŋutsuviwo kple vinyenyɔnuviwo, Aƒetɔ, ŋusẽkatãtɔ la gblɔe.“

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Ke, “Manye mia Fofo, eye miawo hã mianye, vinyeŋutsuwo kple vinyenyɔnuwo.”

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 6:18
21 Mawu Ofanana  

Esi Abram xɔ ƒe blaasieke vɔ asieke la, Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ; zɔ le ŋkunye me, eye nazu blibo!


Eye Yakob gblɔ na Yosef bena: Mawu ŋusẽkatãtɔ la ɖe eɖokui fiãm le Lus le Kanaan-nyigba dzi, eye wòyram


Manye fofoa, eye eya anye vinye, eye ne eda vo la, mahe to nɛ kple ameƒoti, eye maƒoe, abe alesi woƒoa amegbetɔviwo ene.


Manye fofoa, eye eya anye vinye, eye nyemana nye amenuveve nadzo le egbɔ, abe alesi mena wòdzo le ŋgɔwònɔla gbɔ ene o;


Amesiwo katã da ami le anyigba dzi la, ade ta agu ɖe eŋku me, eye amesiwo katã aɖo agu ɖe ke me la, adze klo nɛ. Ke nye luʋɔ ya le agbe nɛ.


Magblɔ na anyiehe be; Tsɔe ve! eye na dziehe be: Megasika ame di o! Kplɔ vinyeŋutsuwo tso didiƒe vɛ kple vinyenyɔnuwo tso anyigba ƒe mlɔenu,


Megblɔ be: Matso wò aɖo viŋutsu teƒe, eye mana anyigba nyo la wò, si nye domenyinu vevietɔ le dukɔwo dome! Mehe. Yɔm be ye fofo, eye megatrɔ le yonyeme o.


Yehowa be: Le ɣemaɣi la manye Mawu na Israel ƒe ƒomeawo katã, eye woawo anye dukɔ nam.


Woanɔ avi dzi ava, eye woanɔ koko ƒom makplɔ wo vɛ; makplɔ wo alo ma dzɔdzɔe, si dzi womakli nu le o la dzi ayi toʋuwo toe; elabena fofo menye na Israel, eye Efrayim la, vinye ŋgɔgbea ye.


Ke ame geɖe alesinu xɔe la, ena ŋusẽ wo, be woazu mawuviwo, amesiwo xɔa eƒe ŋkɔ dzi sena,


Elabena nuwɔwɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ vevi la le mawuviwo ƒe ɖeɖefia la lalam.


Elabena amesiwo wonya ɖi la, eɖo wo ɖi hã, bene woanye Via ƒe nɔnɔme tɔgbe, bene wòanye ŋgɔgbevi le nɔvi geɖewo dome.


Elabena mi katã míenye mawuviwo to Kristo Yesu dzixɔxɔse me.


esi wotsɔ lɔlɔ̃ ɖo mí ɖi hena vinyenye to Yesu Kristo dzi na eɖokui le eƒe lɔlɔ̃nu ƒe ŋudzedze la nu,


Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu; ale Aƒetɔ Mawu, amesi li, eye wònɔ anyi, eye wòle vava ge, amesi nye ŋusẽkatãtɔ la, gblɔ esi!


Eye nyemekpo gbedoxɔa ɖeke le eme o; elabena Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, kple Alẽvi la wonye eƒe gbedoxɔ.


Amesi ke ɖu dzi la, anyi nusiawo ƒe dome, eye manye eƒe Mawu, eye eya hã anye vinye.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa