Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 6:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Alo aleke Kristo kple Belial asɔa? Alo gome kae li na xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔa?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Aleke Kristo si nye dzɔdzɔetɔwo ƒe fia kple Abosam si nye nu vɔ̃ wɔlawo ƒe fia la ate ŋu awɔ ɖekae? Eye aleke kristotɔ hã ate ŋu awɔ ɖeka kple dzimaxɔsetɔ?

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 6:15
14 Mawu Ofanana  

Tete Eliya te ɖe dukɔ la ŋku me gblɔ bena: Vaseɖe ɣekaɣi miaɖu adza evee ase ɖo? Nenye Yehowae nye Mawu la, midze eyome, eye nenye Baal ye la, midze eyome! Ke dukɔ la meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o.


Tem Zerubabel kple Yesua kpakple Israel ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔ mamleawo ɖo ŋu na wo bena: Medze be, mía kpli miawo míatu xɔ na mia Mawu la o, ke boŋ míawo ɖeɖe míatui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, abe alesi Persia-fia Kores de se na mi ene.


Amesi ke xɔe se, eye wode mawutsi ta nɛ la, woaxɔe ɖe agbe; ke amesi ke mexɔe se o la, wòabu fɔe.


Ke ame geɖe wu va kpe ɖe wo ŋu, amesiwo xɔ Aƒetɔ la dzi se, ŋutsuwo kple nyɔnuwo geɖe fũ ŋutɔ;


Eye Petro gblɔ nɛ bena: Mia kple wò klosalo miatsrɔ̃, elabena ebu xa bena, yeaƒle Mawu ƒe nunana la kple ga.


Ke nɔvi hea nɔvi yia ʋɔnu boŋ, eye wòwɔa esia le dzimaxɔsetɔwo ŋku me.


Ke ne amea ɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.


mi amesiwo to eyama dzi xɔ Mawu, amesi fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔ ŋutikɔkɔe nɛ la dzi se, ale bena miaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ nanɔ Mawu dzi.


Ke esi woƒe dzi gbo ɖe me la, tete duametɔwo, siwo nye ame vlowo la, va ɖe to ɖe aƒe la hele agbo la ƒom, eye wogblɔ na ame tsitsi, si nye aƒeatɔ, bena: Kplɔ ŋutsu, si va dze aƒewò me la ɖoe, ne míanyãe!


Eyata miɖe Gibeatɔ vloawo na, ne miawui wo, eye miaɖe vɔ la ɖa tso Israel! Ke Benyamin-viwo meɖo to wo nɔvi Israel-viwo ƒe gbe o.


Ke Eli viŋutsuwo nye ame vlowo, eye wometsɔ ɖeke le Yehowa ƒe nya


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa