Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 5:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eyata dzi le mía ƒo ɖaasi, eye míenyae bena, ne míele aƒe le ŋutilã me la, míeɖo aƒe le Aƒetɔ la gbɔ haɖe o. —

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Azɔ la, míele mɔ kpɔm kple dzideƒo na dziƒoŋutilã yeye sia xɔxɔ. Míenyae be zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me le afi sia la, míeɖo Aƒetɔ la gbɔ le dziƒo haɖe o.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 5:6
15 Mawu Ofanana  

Elabena amedzrowo míenye le ŋkuwò me, eye amegbɔmewo míenye abe mía fofowo katã ene; míaƒe ŋkeke le abe vɔvɔli ene le anyigba dzi, eye mɔkpɔkpɔ mele eŋu o.


Amedzroe menye le anyigba dzi; megaɣla wò se la ɖem o!


Ne ètsɔ tohehe ka mo na amegbetɔa ɖe le eƒe vodada ta la, ekema eƒe nyonyo dome agblẽ, abe agbagblaʋui ye ɖui ene. Vavãe, ƒuƒu ko amegbetɔwo katã nye! Sela.


Dzideƒo vevi le Yehowa-vɔvɔ̃ me, eye sitsoƒe wònye na viawo.


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe kɔkɔetɔ la, gblɔ esi: Tametɔtrɔ kple anyinɔnɔ kpoo woatsɔ axɔ na mi, eye miaƒe ŋusẽ le ɖoɖoezizi kple ŋuɖoɖo ɖe eŋu me, ke mielɔ̃ o


Eye Rabsake gblɔ na wo bena: Miɖagblɔ na Xizkiya be: Ale fia gã Asur-fia gblɔ esi: Nuka ŋu gɔglɔ̃gɔe nele dzi ɖom ɖo?


Elabena mienyae bena, ne wogbã miaƒe agbadɔxɔ, si nye anyigbadzitɔ la, xɔtutu, si tso Mawu gbɔ la, anɔ mía si — xɔ, si wometso asi wɔe o, si nɔa anyi tegbetegbe le dziƒo la.


Ke dzi le mia ƒo, eye wòdze mia ŋu wu be, míadzo le ŋutilã me, eye miana aƒe le Aƒetɔ la gbɔ.


Eyata migatsɔ miaƒe dzideƒo, si teƒeɖoɖofetu gã li na la, ƒu gbe o.


Le xɔse me amesiawo katã woku, eye woƒe asi mesu ŋugbedodo la dzi o, ke wokpɔe, eye wodo ɖoaƒe nɛ le adzɔge, eye woʋu me be, yewonye amedzrowo kple nunɔlawo le anyigba la dzi.


Elabena ɖu, si nɔa anyi la, mele mia si le afisia o, ke boŋ miele ɖu, si gbɔna la dim.


Hamemegã, siwo le mia dome la, nye, amesi nye mia ha-ha-memegã kple Kristo ƒe fukpekpewo ɖaseɖila kple ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go la hã gomekpɔla la, mele nu xlɔ̃m mi be:


Nye Yohanes, mia nɔvi kple miaƒe hagomekpɔla le Yesu Kristo ƒe fukpekpe kple fiaɖuƒe kple dzidodo me la, menɔ ƒukpo, si woyɔna be Patmo la dzi le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa