Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 5:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Elabena mí amesiwo le agbadɔ me la, mieŋena, esi agba le mía kpem la ŋuti; elabena míele didim bena, woaɖe awu le mia ŋu o, ke boŋ bena, woaɖo awu na mi, bena agbe la nami nusi kuna la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me ko la, zi nenema ke míekpea fu siwo hea hũɖeɖe kple vevesese vaa mía dzi. Menye ɖe míebe míadzo kaba le anyigbadziŋutilã sia me o, ke boŋ míaƒe mɔkpɔkpɔe nye be Aƒetɔ la natsɔ dziƒotɔ si nye agbe la atsyɔ na mí, be wòaɖu esi me míele fifia si gblẽna la dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 5:4
8 Mawu Ofanana  

Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwò katã me, eye woaɖe eƒe dɔlawo ƒe ŋukpe ɖa tso anyigba blibo la dzi. Elabena Yehowa ye gblɔe.


Wogbã nye nɔƒe, eye wòte ɖa le gbɔnye abe lãkplɔviwo ƒe agbadɔ ene. Meŋlɔ nye agbe, abe alesi avɔlɔ̃la wɔna ene; ètsom le avɔtsitsi ŋu, eye nèna wòvɔ nam le ŋkeke me, hafi zã va do.


Gake menye eya ɖeɖekoe o, hafi miawo hãe, mi amesiwo xɔ Gbɔgbɔ ƒe ŋgɔgbenu la, miawo hã miele ŋeŋem le mía me hele vinyenye, si nye míaƒe ŋutilã ƒe ɖeɖe la lalam.


Mikpɔ ɖa, mele nya ɣaɣla gblɔm na mi: Mí katã miele alɔ̃ dɔ ge o; gake woatrɔ mí katã míaƒe nɔnɔme,


Elabena esia me mieŋena le hã, eye wòle mía dzrom bena, woatsɔ mía nɔƒe, si tso dziƒo la, ado na mí;


ne ele ale bena, ne wotsɔ awu ɖo na mí, womakpɔ mi amama o la.


Ke mebui nusi dzɔ be, ŋkeke alesi mele agbadɔ sia me la, matsɔ ŋkuɖoɖonudzi na mi anɔ mia nyɔmi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa