Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 5:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Elabena Kristo mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, gake be míawo míakpɔ agbe ta la, Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ƒe agba dro ɖe eya amea dzi. Eye wòtsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye ɖo eteƒe na mí katã.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 5:21
30 Mawu Ofanana  

Ɣekaɣi hafi nyagblɔɖila, siwo gblɔa alakpanya ɖi, amesiwo nye nyagblɔɖilawo le woƒe dzi ƒe alakpadada nu la, atrɔ ta me?


Le ŋkeke mawo me la woaɖe Yuda, eye Yerusalem anɔ anyi bɔkɔɔ, eye ŋkɔ, si woayɔ nɛ la, anye „Yehowa míaƒe dzɔdzɔenyenye.“


Kwasiɖa blaaɖre woɖo ɖe wò dukɔ kple wò du kɔkɔe la ŋu, ne woaxe mɔ na dzidada, eye woatsi nuvò nu, woalé avu ɖe vodada nu, eye woahe dzɔdzɔenyenye mavɔ vɛ, woaɖo kpe ŋutega kple nyagblɔɖiwo dzi, eye woakɔ nu kɔkɔetɔ ŋu.


Le kwiasiɖa blaade vɔ eve megbe la woatsrɔ̃ amesiamina la fɔmaɖimaɖii, eye amegã, si le vava ge la ƒe dukɔ agbã du la kple kɔkɔeƒe la, eye enu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene; aʋawɔwɔ kple aƒedo ana anyi vaseɖe nuwuwu.


Yi, nyɔ ɖe nye lãkplɔvi kple ŋutsu, si mia kplii míebɔa ha la ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe. Dza lãkplɔvi, ne lãha nakaka ahlẽ! Ke matrɔ nye asi ɖe ame tsewo ŋu.


Eye Mose tsa akɔbli wɔ ɖaa ɖe heku ɖe ati ŋu, eye ne dawo ɖu amea ɖe wokpe akɔblida la ɖa ko la, etsia agbe.


nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numevɔsae;


gbɔ̃tsu ɖeka woawɔ nuvɔvɔsae;


Eye dɔla la ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye dziƒoʋitɔ ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò, eyaŋuti nusi dzi ge nala la, woayɔe be kɔkɔe, Mawu viŋutsuvi.


Ke miawo la miegbe nu le kɔkɔetɔ kple dzɔdzɔetɔ la gbɔ, eye mieɖe kuku be, woatsɔ amewula ana mi,


Elabena woɖea Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go le eya me tso xɔse me yina xɔse me, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ame dzɔdzɔe la anɔ agbe atso xɔse me.“


amesi wotsɔ hena le míaƒe vodadawo ŋuti, eye wofɔe ɖe tsitre le afiatsotso na mí ta.


Elabena alesi to ame ɖeka ƒe tomaɖomaɖo me wowɔ ame geɖewo zu nuvɔ̃wɔlawo la, nenema ke to ame ɖeka ƒe toɖoɖo me hã woawɔ ame geɖewo woazu ame dzɔdzɔewo.


Ke eya ŋuta gbɔ wòtso miele Kristo Yesu me, amesi zu nunya kple dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye kpakple fexexeɖeta, si tso Mawu gbɔ la na mí,


Eyata ne amea ɖe le Kristo me la, eya nye nuwɔwɔ yeye: Xoxotɔ la nu va yi, kpɔ ɖa, nuwo katã zu yeye!


Kristo xe fe ɖe mia ta heɖe mí tso se la ƒe fiƒode la me, esi wòva zu fiƒode le mía ta; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woƒo fi de amesiame, si wohe ɖe ati ŋu la,“


eye mizɔ le lɔlɔ̃ me, abe alesi Kristo hã lɔ̃ mi, eye wòtso eɖokui hena ɖe mia ta, bene wòanye nunana kple vɔsa na Mawu, bene wòanye ʋeʋẽ lilili nyui la ene.


eye woakpɔm le eyama me, bena nye ŋutɔ nye dzɔdzɔenyenye, si tso sea me la, naganɔ asinye o, ke boŋ esi to Kristo dzixɔse me, dzɔdzɔenyenye, si tso Mawu gbɔ le dzixɔse ta la nana asinye,


Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.


Elabena nunɔlagã sia tɔgbe hiã míawo hã: Amesi nye kɔkɔetɔ, ame maɖifɔ, ame maƒoɖi, amesi ɖe eɖokui ɖa tso nuvɔ̃wɔlawo dome, eye wokɔe ɖe dzi wu dziƒowo,


Elabena Kristo hã kpe fu le nuvɔ̃wo ŋuti zi ɖeka, ame dzɔdzɔe ɖe ame madzɔmadzɔ teƒe, bene wòakplɔ mí ayi Mawu gbɔ; esime wowui le ŋutilã gome, ke wogbɔ agbee le gbɔgbɔ gome;


Eye mienyae bena, eyama ɖe eɖokui fia, bene yeatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ayii, eye nuvɔ̃a ɖeke mele eya me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa