Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 5:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eyata azɔ míenye ame dɔdɔwo le Kristo teƒe, abe alesi Mawu le nu xlɔ̃m to mía dzi ene, eye míeɖea kuku le Kristo teƒe bena: Mina woalé avu le mia kple Mawu dome!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Eya ta míawo la, Kristo ƒe ame dɔdɔwoe míenye, eye Mawu le nu ƒom na mi to mía dzi. Míeto Kristo dzi hele kuku ɖem na mi be ame sia ame nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eye wòaxɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ si wòna be ne wòawɔ ɖeka kplii.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 5:20
28 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa xlɔ̃ nu Israel kple Yuda to eƒe nyagblɔɖilawo katã, siwo nye nukpɔlawo la dzi gblɔ bena: Mitrɔ tso miaƒe mɔ vɔwo dzi, eye milé nye sewo kple nye dodowo me ɖe asi, abe alesi mede se na mia fofowo kple alesi mede nye dɔla nyagblɔɖilawo si ɖo ɖe mi la ene.


Tete Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la, ɖo eƒe dɔlawo ɖe wo enuenu, elabena Yehowa kpɔ eƒe dukɔ kple eƒe nɔƒe la ta.


Exlɔ̃ nu wo, be yeatrɔ wo ɖe wò se la ŋu; ke woda, eye womeɖo to wò se la o hewó nuvɔ̃ ɖe wò kɔnuwo ŋu, evɔ wònye ne amea ɖe wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe hafi. Wotrɔ megbe ɖe wò kɔ̃, eye wosẽ la me hegbe toɖoɖo.


Dze xɔlɔ̃ kplii, eye ŋuwò afa, elabena to esia me dzɔgbenyuie ava dziwò.


Ke ne dɔla ɖeka, si nye nyaxɔlaɖakɔtɔ, tso akpewo dome la va, be yeaɖe nusi nye amegbetɔ ƒe dɔ la afiae,


Kpɔ da, Mawu tae menye abe wò ke ene, eye tsue woka me nye hãe.


Duxɔla vɔ̃ɖi gena ɖe dzɔgbevɔ̃e me; ke duxɔla nyateƒetɔ daa gbe le ame ŋu.


negbe ɖeko woava sim atso, eye woawɔ ŋutifafa kplim hafi, ŋutifafa ko woawɔ kplim hafi!


Yeremya ɖo ŋu bena: Womelé tsɔ wò ge ade asi o. Ɖo to Yehowa ƒe gbe ko, abe alesi megblɔ na wò ene, ne eme nanyo na wò, eye natsi agbe.


Eye meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo katã de mi ɖaa atraɖii gblɔ bena: Migawɔ ŋunyɔnu sia, si melé fui la o.


Elabena nunɔla ƒe nuyiwo nedzra sidzedze ɖo, eye woadi nufiame le eƒe nu me; elabena Yehowa Zebaot ƒe ame dɔdɔ wònye.


Amesi ɖoa to mi la, nyee wòdoa toe, eye amesi gbea mi la, nyee wògbena; ke amesi le gbeyem la, ele amesi dɔm ɖa la gbem.


Eye aƒetɔ la gblɔ na dɔla la bena: Do go yi mɔ gãwo dzi kple kpɔwo godo, eye nazi wo dzi be, woava me, bena nye aƒe la nayɔ fũ.


Tete Yesu gagblɔ na wo bena: Ŋutifafa na mi! Sigbe alesi Fofo la dom ɖa ene la, nenema ke nye hã mele mia dɔm ɖa.


Elabena ne wolé avu le mia kple Mawu dome to Via ƒe ku me, esime míenye ketɔwo la, woaxɔ mi geɖe awu to eƒe agbe me, esime wolé avu na mi megbe la.


Eyata mekpɔa ŋudzedze nyui le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, le ŋutasesẽwo me, le hiãkamewo me, le yometitiwo me, le xaxawo me le Kristo ŋuti; elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.


amesi hã wo mi miedze be, mianye nubabla yeye ƒe subɔlawo, menye agbalẽŋlɔdzesi tɔwo o, hafi Gbɔgbɔ tɔwo boŋ. Elabena agbalẽŋlɔdzesi la wua ame, ke Gbɔgbɔ la gbɔa agbe ame.


Azɔ esi míenya Aƒetɔ la vɔvɔ̃ la, míeƒoa nya ɖe amewo nu, ke míedze ƒã le Mawu ƒe ŋku me; ke mele mɔ kpɔm bena, míedze ƒã le miaƒe dzitsinya me hã.


Esi míenye hadɔwɔlawo ŋuti la, míele nu xlɔ̃m mi hã bena, miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.


esi ŋuti menye ame dɔdɔ le kɔsɔkɔsɔ me, bene dzi nado ƒonye le eme, abe alesi wòdzem be, maƒo nu ene.


eye wòto eyama dzi lé avu le nuwo katã kple eɖokui dome, esi wòto eƒe atitsoga ƒe ʋu la me wɔ ŋutifafa kple nusiwo le anyigba dzi kpakple nusiwo le dziƒowo la, to eyama dzi.


Eyaŋuti amesi ke doa vlo esia la, menye amee wòdoa vloe o, ke boŋ Mawu, amesi na eƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe mí lae wòdoa vloe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa