Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 5:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eyata tso esia dzi la míenya amea ɖeke le ŋutilã nu o; ne míenya Kristo gɔ̃ le ŋutilã nu hã la, azɔ la miegale enyam nenema o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Eya ta tso fifia dzi heyina la, migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke le ŋutilã nu be ame sia nye amegã alo bubume alo be nɔvi kristotɔ aɖe nye nu vɔ̃ wɔla o. Ŋku ma ƒomevie míetsɔ kpɔ Kristoe tsã be enye vɔ̃wɔla, gake fifia la, meganye nenemae míegale ekpɔm o.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 5:16
19 Mawu Ofanana  

Eɖo ŋu bena: Nyemayi kpli mi o, boŋ magbugbɔ ayi nye anyigba dzi kple ƒonyemeawo gbɔ.


Amesi ke lɔ̃a fofo alo dada wum la, eya medzem o.


Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, nya kae le mía kple wò dome mahã? Nye gaƒoƒo meɖo haɖe o.


Gbɔgbɔ ta gbɔa agbe, ŋutilã menyo na naneke o; nya, siwo megblɔ na mi la, Gbɔgbɔ kple agbe wonye.


Miawo la ŋutilã nu miedrɔ̃a ʋɔnu ɖo, nye la nyemedrɔ̃a ʋɔnu amea ɖeke o.


Esi ame geɖe ƒoa adegbe le ŋutilã nu ŋuti la, nye hã maƒo adegbe.


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso mate ŋu awɔ naneke o, eye aʋamatsomatso hã nenema ke, hafi boŋ xɔse, si sẽa ŋu le bla me lae.


Wogblɔ le wo fofo kple wo dada ŋu be, yewo mele wo kpɔm o; womedze si wo nɔviŋutsuwo o, eye womenya woƒe viŋutsuwo o; ke boŋ woɖo to wò nyawo, eye wolé wò nubabla me ɖe asi.


Wònye nye la ŋuɖoɖo ɖe ŋutilã ŋu gɔ̃ hã anɔ asinye hafi, ne ame bubua ɖe bu bena, yeate ŋu aɖo dzi ɖe ŋutilã ŋuti la, nye la mewui;


afisi Helatɔ kple Yudatɔ, aʋatsotso kple aʋamatsomatso, gbegãdzitɔwo kple Skitetɔ, kluvi kple ablɔɖevia ɖeke megali o, ke Kristo enye wo katã, eye wòle wo katã me.


Ke nunya, si tso dziƒo la, gbã la eŋuti kɔna, emegbe la eƒe dɔme fana, efaa tu, elɔna wogbea nya ne, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũ, medea vovo amewo dome o, alakpa mele eme o


Nukaŋuti miedo vlo nye vɔsalã kple nye nuɖuvɔsa, siwo meɖo hena nye nɔƒe la? Ebu viwòwo wum, eye mieɖu nye dukɔ ƒe vɔsanu nyuitɔwo da ami!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa