Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 5:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Elabena ne míaƒe tame da la, eda na Mawu; ne tame nyui li na mí la, mia tae.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Ne nya siawo sese ɖi le miaƒe towo me abe ɖe míaƒe susuwo da ene la, ekema le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la tae. Ke ne miedze sii be míaƒe nyawo meɖi ame siwo ƒe tagbɔ tɔtɔ tɔ o la, ekema aɖe vi geɖe na mi.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 5:13
15 Mawu Ofanana  

Yehowa tsɔ wò ɖo nunɔla ɖe nunɔla Yoyada teƒe, ne nanye dzikpɔla le Yehowa ƒe aƒe la me ɖe amesiame, si ƒe tagbɔ gblẽ, wòle nya gblɔm ɖi la nu, eye nadee kunyowu kple ga me.


Eye esi etowo see la, wodo go yi ele ge; elabena wogblɔ be: Eƒe tame da!


Elabena to amenuveve, si wonam la me mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, woadi o; ke nedi ɖokuidziɖuɖu yome boŋ, amesiame abe alesi Mawu dzidze xɔse ƒe dzidzenu nɛ ene la.


Ɖe miado dzi atsa nye bometsitsi via ɖe; miado dzi atsɔe nam tso!


Mezu bometsila; gake miawoe zi dzinye. Elabena nye la miawoe lakafum hafi; elabena nyemetsi megbe le naneke me le apostolo, siwo ko akpa la ŋu o, wònye nyemenye naneke hafi o.


Ke nenye ɖe maɖi be, maƒo adegbe la, nyemazu bometsila o; elabena magblɔ nyateƒe; ke nyemele ewɔ ge o, bene amea ɖeke nagabu ŋutinye wu alesi wòkpɔam alo alesi wòsea nya le nunye


Eyata ne meŋlɔe na mi hã la, nyemeŋlɔe le amesi wɔ vɔ̃ sia ŋuti alo amesi ŋuti wowɔ vɔ̃ sia ɖo la ŋuti o; ke boŋ bene miaƒe veviedodo le mía ŋuti la nadze ƒã le mia dome le Mawu ƒe ŋku me.


Azɔ la mekpɔa dzidzɔ le fu, siwo mekpena le mia ta la me, eye mewua nusiwo susɔ le Kristo ƒe fukpekpewo me la nu le nye ŋutilã me, le eƒe ŋutilã, si enye hame la ta,


elabena míaƒe nyanyuie la meva mia gbɔ le nya me ɖeɖeko o, ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã, abe alesi mienya amesi ƒomeviwo míenye le mia dome le mia ta la ene.


Eyata medoa dzi le nuwo katã me ɖe ame tiatiawo ta, bene woawo hã ƒe asi nasu xɔxɔ, si le Kristo Yesu me, kple ŋutikɔkɔe mavɔmavɔ la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa