Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 5:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Miegale mía ɖokui kafum na mi o; ke miana asinukpɔkpɔ mi, nena míate ŋu aƒo adegbe le mia ŋuti, bena adegbeƒoƒo nanɔ mia si ɖe amesiwo ƒoa adegbe le ŋku me, eye menye le dzi me o la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Menye mía ɖokui kafum míele alo menye mía ɖokui dom míele ɖe dzi o, ɖeko míedi be miada ɖe mía dzi abe ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe ame dɔdɔ vavãwo ene. Eye miate ŋu atsɔ mí aƒo adegbee alo aɖo nya ŋu na nufiala alakpatɔ siwo le mia dome, ame siwo ƒe susu koe nye be yewoƒe dzedzeme nanya kpɔ nyuie le amewo gbɔ ko, ke woƒe dziwo me do viviti tsiɖitsiɖi.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 5:12
13 Mawu Ofanana  

Ame bubu nekafu wò, eye menye wò ŋutɔ wò nu o, ame tutɔ, eye menye wò nuyiwo o.


abe alesi miedze si mí afã kple afã bena, míenye miaƒe adegbeƒoƒo, abe alesi miawo hã míenye mia to le mia Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkekea dzi la ene.


Elabena mieɖo dzi bena, míabu mia ɖokui akpe ɖe amea ɖewo ŋu, alo miatso mía ɖokui aɖo amea ɖewo, siwo kafua wo ɖokui la ŋu o; ke ame mawo la, esi wotso woa ŋutɔwo ɖokui dzidze wo ɖokui, eye wotsɔ wo ɖokui ɖo woa ŋutɔwo ɖokui ŋu ŋuti la, womenya nu o.


Elabena menye amesi tsia eɖokui la, nye ame nyui o, ke boŋ amesi Aƒetɔ la kafuna lae.


Ɖe miekpɔa nusiwo le ŋku me la ɖa? Ne amea ɖe ɖoa ŋu ɖe eɖokui ŋu bena, Kristo to yenye la, ekema eyama nagasusu esia hã le eɖokui me bena, alesi ke ye ŋutɔ nye Kristo tɔ la, nenema ke míawo hã míenye eto.


Elabena nenye be, maƒo adegbe via ɖe wu le míaƒe ŋusẽ, si Aƒetɔ la tso na mi, bene míado mi ɖe ŋgɔ, eye menye be, miagblẽ mi o la ŋuti la, ŋu mele kpe ye ge o,


Mezu bometsila; gake miawoe zi dzinye. Elabena nye la miawoe lakafum hafi; elabena nyemetsi megbe le naneke me le apostolo, siwo ko akpa la ŋu o, wònye nyemenye naneke hafi o.


Ɖe míegade asi mia ɖokui kafukafu mea? Alo ɖe ehiã mi, abe amea ɖewo ene bena, miatsɔ kafukafugbalẽ vɛ na mi alo miaxɔ kafukafugbalẽ le mia si mahã?


ke boŋ le nuwo katã me la mieɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔlawo ene; Le dzidodo geɖe me, le xaxawo me, le hiãkamewo me, le momenuvevewo me,


bena miaƒe adegbeƒoƒo la nasɔ gbɔ ɖe dzi le Kristo Yesu me le tanye to esia me, bena magava mia gbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa