Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 5:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Elabena ele na mí katã bena, miatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyuie alo vɔ̃.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Elabena mí katã míava tsi tsitre ɖe Kristo ŋkume gbe ɖeka, be wòadrɔ̃ ʋɔnu mí, eye wòadzro míaƒe agbenɔɣinuwɔnawo me tsitotsito. Eye wòaxe fe na ame sia ame pɛpɛpɛ ɖe ale si wònɔ agbe le anyigba dzii la nu. Ne èwɔ nu nyui la, àxɔ fetu nyui eye ne èwɔ vɔ̃ la, àxɔ fetu vɔ̃.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 5:10
38 Mawu Ofanana  

Esia nede megbe xaa tso gbɔwò be, nagawu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka, eye ame dzɔdzɔe nanɔ abe ame vɔ̃ɖi ene o! Esia nede megbe xaa tso gbɔwò! Ɖe xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa?


ekema nasee le dziƒo, eye nadrɔ̃e na wò dɔlawo ahabu fɔ vodala, eye nana eƒe nuwɔwɔ nava eƒe la dzi, ke natso afia na nya dzɔdzɔe tɔ, eye nawɔ ne le eƒe dzɔdzɔenyenye nu.


ekema nasee le nɔwòƒe le dziƒo, eye natsɔe ake, wɔ edzi, eye nawɔ na amesiame le eƒe zɔzɔwo katã nu, abe alesi nènya eƒe dzi mee ene, elabena wò ɖeka koe nya amegbetɔviwo katã ƒe dzi me;


ke boŋ eɖoa eteƒe na amegbetɔ le eƒe nuwɔwɔ nu, eye wònana wòvaa me na ŋutsu le eƒe zɔzɔme nu.


Mawu ƒo nu zi ɖeka, eye nu eve mese le eme; Mawu tɔe nye ŋusẽ,


le Yehowa ŋku me, elabena egbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba! Aɖrɔ̃ ʋɔnu xexeame ɖe dzɔdzɔenyenye nu kple dukɔwo ɖe eteƒe.


Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, na wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpui ŋkekewo me, eye nazɔ ɖe wò dzi ƒe toƒewo kple nusi wò ŋku kpɔ la nu; ke nyae be, Mawu le kplɔwò ge ava ʋɔnui le nusiawo katã ta.


Elabena Mawu le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla la, he ge ava ʋɔnui, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, madrɔ̃ ʋɔnu mia dome amesiame ɖe eƒe zɔzɔme nu. Miɖe asi le miaƒe dzidadawo katã ŋu, miɖe asi le wo ŋu, ne vodadawo maganye mɔ̃ na mi o!


Elabena Amegbetɔvi la le vava ge le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe dɔlawo; eye ekema aɖo eteƒe na amesiame le eƒe nuwɔwɔwo nu.


Eye wòde se na mi be, miaɖe gbe ƒãe afia dukɔ la, eye míaɖi ɖase bena, eyae nye amesi Mawu ɖo, be wòanye ʋɔnudrɔ̃la ɖe agbagbeawo kple kukuawo dzi.


elabena eɖo ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu to ŋutsua ɖe, si woɖo la dzi; eye wòle xɔse dom ɖe amewo katã, le esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ŋuti.


le ŋkeke, si dzi Mawu adrɔ̃ ʋɔnu amewo ƒe nu ɣaɣlawo le nye nyanyuie la nu to Yesu Kristo dzi la dzi.


Meƒo nu alesi ame ƒoa nu le miaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti. Elabena sigbe alesi mietsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ makɔmakɔnyenye kple sedzimawɔmawɔ ƒe kluviwoe hena sedzidada la, nenema ke azɔ mitsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo hena kɔkɔenyenye.


Eyata migadrɔ̃ ʋɔnu naneke, hafi ɣeyiɣi la nava ɖo o, halase esime Aƒetɔ la ava, amesi ahe viviti me nya ɣaɣlawo ava kekeli nui, eye wòaɖe dzimedaŋudedewo ɖe go afia la, ekema amesiame akpɔ kafukafu tso Mawu gbɔ.


Menye fɔbubu ŋuti mele esia gblɔm ɖo o; elabena megblɔe tsã be, miele míaƒe dziwo me, bene miaku kpli mí, eye mianɔ agbe kpli mí hã.


esi mienyae bena, nu nyui, si ke amesiame wɔna la, eya ke wòaxɔ tso Aƒetɔ la gbɔ, nenye dɔla alo ablɔɖevi.


Eye alesi woɖoe na ame be, woaku zi ɖeka, eye esia megbe wòakpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la,


amesiawo abu akɔnta na amesi su te, bena yeadrɔ̃ ʋɔnu ame gbagbewo kple ame kukuwo la.


eye matsɔ dɔvɔ̃ awu viawo. Eye hameawo kalẽ woanyae bena, nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.


Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie, eye nye fetu kpe ɖe ŋutinye gbɔna, bene maɖo teƒe na amesiame ɖe alesi eƒe dɔwɔwɔ le la nu.


Yehowa atsrɔ̃ eƒe futɔwo, eye wòaɖe gbe ɖe wo dzi tso dziƒo; Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu anyigba ƒe mlɔenuwo. Ana ŋusẽ eƒe fia, eye wòana eƒe amesiamina la ƒe dzo nado lɔƒuu!


Miganɔ adegbe ƒom atraɖii o, eye nya vlo meganɔ dodom le mia nu o! Elabena nunyawo ƒe Mawu enye Yehowa, amesi ɖaa nuwɔwɔwo kpɔ na.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa