2 Korintotɔwo 4:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19134 amesiwo dome xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu le la, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o. Onani mutuwoAgbenya La4 Satana, ame si le dzi ɖum le xexe vɔ̃ɖi sia me fifia lae gbã dzimaxɔsetɔwo ƒe ŋkuwo eye wòtsyɔ nu woƒe susuwo dzi. Ewɔ esia be womakpɔ kekeli si tso nyanyui la me le keklẽm ɖe wo dzi la eye woase nu si gblɔm míele tso Kristo si nye Mawu ƒe nɔnɔme la ƒe ŋutikɔkɔe ŋu la gɔme o. Onani mutuwo |