Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 3:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Azɔ esi mɔkpɔkpɔ sia le mia si ŋuti la, míewɔa dzideƒo geɖe ŋuti dɔ le nuƒoƒo me,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Azɔ esi mɔkpɔkpɔ sia le mía si ŋuti la, dzika metsoa mía ƒo o, eye míegblɔa nya la kple dzideƒo.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 3:12
21 Mawu Ofanana  

Tete la Yudatɔwo va ƒo xlãe, eye wogblɔ nɛ bena: Ɣekaɣi dzi nana miaƒe luʋɔ natsi dzodzodzoe ase ɖo mahã? Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi faa.


Esiawo megblɔ na mi le lododowo me; gaƒoƒo gbɔna, le esi me nyemagaƒo nu na mi le lododowo me o, ke boŋ magblɔe afia mi faa le Fofo la ŋuti.


Eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, fifi ko neƒo nu faa, eye mègblɔ lodonyaa ɖeke o.


Gake la wotsi afima ŋkeke geɖe hele nu ƒom kple dzideƒo le Aƒetɔ la me, eya amesi ɖi ɖase le eƒe amenuvevenya la ŋuti, le esime wòna wowɔ dzesiwo kple nukunuwo to woƒe asiwo dzi.


Ke esi wokpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, eye wose bena, ame masrɔ̃nuwo kple ame manyanuwo wonye la, woƒe mo wɔ yaa, eye wodze si wo hã bena, woa kple Yesu wonɔ anyi.


Ke Barnaba xɔe, eye wòkplɔe yi apostoloawo gbɔ, eye woxlẽe fia wo, alesi wòkpɔ Aƒetɔ la le mo dzi, eye bena eƒo nu nɛ, kple alesi wògblɔ nya dzifeƒotɔe le Yesu ƒe ŋkɔa me le Damasko.


eƒo nu, eye wosẽ nu hã kple Helatɔwo; ke woawo ɖi be, yewoawu.


Ke ne mele ha me la, mele didim bena, matso nye tamesusu agblɔ nya atɔ̃, bene mafia nu ame bubuwo hã awu esi matsɔ gbegbɔgblɔ agblɔ nya akpe ewo.


Ke nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi to Kristo ƒe dɔmefafa kple tufafa me, nye amesi nye ame bɔbɔɖokui le miaƒe ŋku me le mia dome; ke esime nyemele mia gbɔ o la, dzi le ƒonye ɖe mia ŋu.


Ke ne ŋutikɔkɔe li na nusi nu tsina la, ekema nusi nɔa anyi la, anɔ ŋutikɔkɔe me geɖe awu sã.


Ke esi xɔse ƒe gbɔgbɔ ma ke le mía si la ŋuti, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Mexɔe se, eyata meƒo nu ɖo“ la; míawo hã míexɔna sena, eyata míegblɔa nya hã;


Dzideƒo geɖe lé asinye le mia ŋuti, meƒo adegbe geɖe hã le mia ŋuti, akɔfafa yɔm taŋ, megba go le dzidzɔkpɔkpɔ me le míaƒe xaxa katã me.


eye nɔviwo dome ame geɖeawo ɖo ŋu ɖe nye bablawo ŋu le Aƒetɔ la me, eye wowɔa kalẽ geɖe wu tsã le mawunyagbɔgblɔ me mavɔ̃mavɔ̃e.


le nye lala vevie kple mɔkpɔkpɔ la nu be, ŋu nagakpem le naneke me o, hafi boŋ metsɔa dzideƒo blibo la katã bena, alesi wònɔna ɖaa la, nenema ke wòano fifia hã, be woawɔ Kristo gã ɖe nye ŋutilã ŋuti, eɖanye agbe me alo ku me o.


bene maɖe esia ɖe go afia, abe alesi wòdzem be, maƒo nu la ene.


ke boŋ wònye míekpe fu, eye wodo vlo mi le Filipi tsã hafi, abe alesi mienyae ene, gake míekpɔ dzideƒo le mía Mawu me hegblɔ eƒe nyanyuie la fia mi le ʋiʋli geɖe me.


Elabena amesiwo subɔna nyuie la, wowɔa nɔƒe nyui na wo ɖokui, eye wokpɔa dzideƒo geɖe le xɔse, si le Kristo Yesu me la me.


Eyata wònye dzideƒo geɖe le asinye le Kristo me be, made se na wò le nusi dze la ŋuti hafi, gake le lɔlɔ̃ ta la mele nu xlɔ̃m wò boŋ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa