Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 2:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 eyata azɔ la mitsɔe kee, eye mifa akɔ nɛ ɖe eteƒe boŋ, bene nuxaxa geɖe akpala nagami nenem me sia o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Azɔ ele be miatsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee, eye miafa akɔ nɛ. Ne menye nenema o la, ase veve eye dzi aɖe le eƒo ale gbegbe be wòatrɔ ɖa tso nyateƒe la gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 2:7
20 Mawu Ofanana  

anye ne womi mi agbagbe, esime woƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu;


Wò asi axe wò futɔwo katã, eye wò nuɖusi atu wò ketɔwo.


Mele Mawu dziƒoʋitɔ la yɔm, Mawu, amesi awɔe ade goe nom.


míami wo agbagbe abe tsiẽƒe ene,


Dzi kpɔdzidzɔ nana lãme hayana, ke gbɔgbɔ xanu nana ƒuwo ƒuna kplakplakpla.


Ke wein le ya mum amesiawo hã, eye aha muame na wole yiyim sagãsagã. Aha muame le ya mum nunɔla kple nyagblɔɖila, wein toto ta me na wo, eye aha muame na wole yiyim sagãsagã; wole ya mum le nyagblɔɖi gbɔ, eye wole yiyim sagãsagã le afiatsotso gbɔ.


Ke esime nu gbegblẽ sia lava ɖo magblẽmagblẽ, eye nu kuku sia lava ɖo makumaku la, ekema nya, si woŋlɔ ɖi la, ava ve me bena: „Womi ku le dziɖuɖu me.“


Eyata mele nu xlɔ̃m mi bena: Mina miaƒe lɔlɔ̃ nu nasẽ ɖe eyama dzi.


Elabena mí amesiwo le agbadɔ me la, mieŋena, esi agba le mía kpem la ŋuti; elabena míele didim bena, woaɖe awu le mia ŋu o, ke boŋ bena, woaɖo awu na mi, bena agbe la nami nusi kuna la.


Elabena nuxaxa ɖe Mawu ƒe didi nu la wɔa dzimetɔtrɔ, si mevea ame o, hena xɔxɔ; ke xexeame ƒe nuxaxa hea ku ve.


Ke mikɔ dome ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitso ke mia nɔewo, abe alesi Mawu tso ke mi le Kristo me la ene.


Eye elé dɔ vavã de kuku ge kloe; gake la Mawu kpɔ nublanui nɛ, ke menye na eya ŋutɔ ɖeɖekoe o, hafi na nye hã, bene nyemagakpɔ nuxaxa ɖe nuxaxa dzi o.


eye mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nyaa ɖe le amea ɖe si ɖe amea ɖe ŋuti la, alesi Kristo hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke!


Ke, nɔviwo, míele didim bena, mianɔ numanyamanya me le amesiwo dɔ alɔ̃ la ŋuti o, bene miagaxa nu, abe ame bubu, siwo mɔkpɔkpɔ meli na o la ene o.


Ke miele se dem na mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la dzi bena, miahe mia ɖokui ɖa tso nɔvi sia nɔvi, si zɔna sakasaka, eye menye le nuɖoanyi, si wòxɔ le mía si la nu o la gbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa