Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 2:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye meŋlɔ esia ke na mi bena, ne meva la, magakpɔ nuxaxa tso amesiwo ŋuti makpɔ dzidzɔ le hafi la gbɔ o, esi meɖo dzi ɖe mi katã mia ŋu bena, nye dzidzɔ enye mi katã mia tɔ la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Esia ta meŋlɔ agbalẽ ma na mi, ale be miaɖɔ nuwo ɖo hafi mava elabena nyemedi be makpɔ naneke le mi, ame siwo ŋu meɖoa ŋu ɖo be miado dzidzɔ geɖe nam la ŋu, si ade nuxaxa nye dzi me o. Menya nyuie be ne meva mia gbɔ le dzidzɔ me la, ekema miawo hã miakpɔ dzidzɔ geɖe.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 2:3
17 Mawu Ofanana  

Nuka dim miele? Ɖe matso ali ava mia gbɔ loo, alo matsɔ lɔlɔ̃ kple dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la ava mia gbea?


Eye dziɖoɖoɖeŋu sia ŋuti meɖo tame bena, mava mia gbɔ gbã, bene míakpɔ amenuveve evelia,


Ke nye la meyɔ Mawu, ne woanye ɖaseɖila na nye luʋɔ bena, esi mekpɔ miaƒe nublanui la ŋutie nyemeva Korinto haɖe o,


Mezu bometsila; gake miawoe zi dzinye. Elabena nye la miawoe lakafum hafi; elabena nyemetsi megbe le naneke me le apostolo, siwo ko akpa la ŋu o, wònye nyemenye naneke hafi o.


bena ne megava la, Mawu abɔbɔm ɖe anyi le mia gbɔ, eye mala konyi le ame geɖe, siwo wɔ nuvɔ̃ tsã, eye wometrɔ le woƒe dzi me le makɔmakɔnyenye kple ahasiwɔwɔ kple hadzedze, siwo wowɔ ŋuti o la ta.


Eyata esi nyemele mia gbɔ o ŋuti la, meŋlɔ esiawo bena, ne mele mia gbɔ la, nyemagahe nya sesẽ le ŋusẽ, si Aƒetɔ la nam hena ame ƒe ŋgɔgbedede, eye menye eƒe gbegblẽ o la nu o.


Elabena eyata meŋlɔ na mi, bene madze si miaƒe kelili, abe ɖe míeɖoa to le nusianu me ene.


Eyata ne meŋlɔe na mi hã la, nyemeŋlɔe le amesi wɔ vɔ̃ sia ŋuti alo amesi ŋuti wowɔ vɔ̃ sia ɖo la ŋuti o; ke boŋ bene miaƒe veviedodo le mía ŋuti la nadze ƒã le mia dome le Mawu ƒe ŋku me.


Dzi le dzɔyem bena, dzi le ƒonye le nusianu me le mia ta.


Ke Mawu, amesi fa akɔ na ame bɔbɔɖeanyiwo la, fa akɔ na mí le Tito ƒe vava la me.


Elabena ne mena míexa nu le agbalẽa me hã la, mevem o; eye ne evem hã la — elabena mekpe bena, agbalẽ ma la, nenye ɣeyiɣi kpuia ɖe koe wòna míexa nu hã —


Ke miedɔ wo kpakple mía nayi, si miedo kpɔ le nu geɖe me enuenu, eye miekpɔ bena, edoa vevie; ke azɔ la ele vevie dom geɖe wu tsãtɔ le dziɖoɖoɖeameŋu gã, si wòɖo ɖe mia ŋu la ta.


Nye la meɖo ŋu ɖe mia ŋu le Aƒetɔ la me bena, miele nu bubua ɖeke susu ge o; ke amesi ke blu miaƒe tame la, eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ anɔ edzi, ameka ke wòɖanye o!


Ke mieɖo dzi ɖe mia ŋu le Aƒetɔ la me bena, miewɔa nusi miede se na mi la, eye miegale ewɔ ge hã.


Esi meɖo dzi ɖe wò toɖoɖo ŋu ŋuti la, mèŋlɔe na wò; elabena menyae bena, awɔe woagbã dzi wu alesi megblɔ na wò.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa