Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 2:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 nyemekpɔ dzudzɔ le nye gbɔgbɔ me o; elabena nyemekpɔ nɔvinye Tito o, ke boŋ meklã wo, eye meto dzi yi Makedonia.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 gake metsi dzi le ɖokuinye me, elabena nyemekpɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔ Tito le afi ma o. Esia ta medo taflatse na Troatɔwo, eye medzo le afi ma heyi Makedonia.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 2:13
16 Mawu Ofanana  

Emegbe fia la yi eƒe fiasã me, eye wotsi nu dɔ, womekplɔ nyɔnu vɛ nɛ o, eye wòtsi zãdomadɔlɔ̃e.


Eye esi wòɖe mo na wo megbe la, edzo heyi ɖe to la dzi, be yeado gbe ɖa.;


eye esi míeklã mía nɔewo la, mieɖo ʋu, eye woawo gbugbɔ yi aƒe.


Elabena edze Makedonia kple Axaya ŋu bena, woadzo nu na ame dahe, siwo le Yerusalem ƒe ame kɔkɔewo dome la.


Mexlɔ̃ nu Tito, eye medɔ eya kple nɔvi la ɖo ɖa. Alo ɖe Tito ba mia? Menye gbɔgbɔ ma ke me miezɔ le oa? Menye afɔɖoƒe ma ke me miezɔ le oa?


Eyaŋuti wofa akɔ na mí; ke hekpe ɖe míaƒe akɔfafa sia ŋuti la miekpɔ dzidzɔ geɖe wu le Tito ƒe dzidzɔ la ŋuti, esi eƒe gbɔgbɔ kpɔ gbɔɖeme tso mi katã mia gbɔ la ŋuti.


Elabena ne meƒo adegbe le nane me le mia ŋuti le eƒe ŋku me la, mezu ŋukpe nam o, hafi alesi miegblɔ nuwo katã na mi le nyateƒe mee la, nenema ke míaƒe adegbe, si míeƒo le Tito ƒe ŋku me la, hã zu nyateƒe.


Ke woada akpe na Mawu, amesi tsɔ nenem veviedodo le mia ŋuti sia de Tito ƒe dzi me;


Le Tito gome la, nye zɔhɛ wònye, eye hadɔwɔla wònye le mia gbɔ; le nɔvi, siwo tso mía gbɔ gome la, hame ƒe ame dɔdɔwo wonye kple bubu na Kristo.


ale bena míexlɔ̃ nu Tito bena, alesi ke wòdze egɔme xoxo la, nenema ke wòawu amenuveve sia nu le mia dome hã.


Emegbe la, anɔ ƒe wuiene, megayi Yerusalem, mia kple Barnaba, eye metso Tito hã kpe ɖe mía ŋu.


Ke Tito, si li kplim gɔ̃ hã la, Helatɔ wònye hafi; gake womezi edzi bene, wòana woatso aʋa nɛ o.


Elabena Dema gblẽm tii, le esi wògalɔ̃ fifi xexe sia me la ŋuti, eye wòyi ele Tesalonika; Kreske yi de Galatia, Tito yi de Dalmatia.


ŋlɔ ɖo ɖe Tito, vinye vavã le mí ame eve ƒe xɔse la nu: Amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa, si tso Mawu, Fofo la, kple Aƒetɔ Yesu Kristo, mía xɔla gbɔ la, woana wò!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa