Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 2:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke esi meva Troa Kristo ƒe nyanyuie gblɔ ge, eye woʋu ʋɔtru nam le Aƒetɔ me la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Esi meva Troa be magblɔ Kristo ƒe nyanyui la le afi ma la, mekpɔ be Aƒetɔ la ŋutɔ ʋu mɔ nam be dɔ la nayi edzi nyuie,

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 2:12
20 Mawu Ofanana  

Ke esi wova afima, eye woƒo hamea nu ƒu la, woka nu gã, siwo Mawu wɔ kpli wo la ta na wo, kple alesi wòʋu dzixɔse ƒe ʋɔtru na trɔ̃subɔlawo.


Azɔ mieɖo ʋu tso Troa tẽ heva keke Samotrake ke, eye ŋu ke mieva Neapoli;


eye woto Misia ŋu yi Troa.


Eye akaɖi geɖewo le bibim le dziƒoxɔ, si me mieƒo ƒu ɖo la me.


Paulo, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo, si woyɔ, eye wotia hena Mawu ƒe nyanyuie,


Elabena woʋu ʋɔtru gã, si na da geɖe la nam, eye adikãtɔ geɖewo li.


Ne ame bubuwo kpɔ ŋusẽ sia ƒe gome ɖe mia dzi la, ɖe miawo míekpɔe wu woawo o mahã? Gake miewɔa ŋusẽ sia ŋuti da o, hafi míetsɔa wo katã kpoo boŋ, bene míagaxe mɔ na Kristo ƒe nyanyuie la o.


Nenema ke Aƒetɔ la ɖo na amesiwo gblɔa nyanyuie fiana la bena, woakpɔ agbemenuwo tso nyanyuie la me.


Elabena ne megblɔ nyanyuie fia la, menye kafukafu nam o, elabena ele nam kokoko be, mawɔe; elabena nenye be, nyemegblɔ nyanyuie la fia o la, baba nam!


Elabena míele mía ɖokui dem akpa, abe ɖe míate ŋu ade mia gbɔ o ene o; elabena míetsɔ Kristo ƒe nyanyuie la de mia gbɔ ke hã.


Elabena ne amesi gbɔna la, le gbe ƒã ɖem Yesu bubu, si míeɖe gbe ƒãe o la, alo ne miexɔ gbɔgbɔ bubu, si miexɔ tsã o la, alo miexɔ nyanyuie bubu, si miexɔ tsã o la, ekema mieɖoa dzi xɔnɛ nyuie!


Alo ɖe esi mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi, bene woado miawo ɖe dzi la, ɖe mewɔ nuvɔ̃ bena, megblɔ Mawu ƒe nyanyuie la fia mi fetu maxɔmaxɔe mahã?


Ke ne wotsyɔ nu miaƒe nyanyuiea dzi la, ekema amesiwo tsrɔ̃ la ƒe ŋku me wotsyɔ nui le,


amesiwo dome xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu le la, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.


Ke míedɔ eya kple nɔvi, si ŋu kafukafu le le nyanyuie ŋuti le hamewo katã me la, ɖo ɖa.


elabena subɔsubɔdɔ sia ƒe kpɔɖeŋu nyui la ana woakafu Mawu le miaƒe toɖoɖo Kristo ƒe nyanyuie me ʋuʋu la kple miaƒe hadede kple woawo kpakple amewo katã tso dzimekɔkɔ me la ŋuti;


eye mido gbe ɖa ɖe miawo hã mía ta, bene Mawu naʋu nya la ƒe ʋɔtru na mí, ne míagblɔ Kristo ƒe nya ɣaɣla, si ŋuti woblam ɖo hã,


eye miedo Timoteo, mía nɔvi kple Mawu ƒe subɔla kple hadɔwɔla le Kristo ƒe nyanyuie me la ɖa, bene wòado ŋusẽ mi, eye wòaxlɔ̃ nu mi le miaƒe xɔse ŋuti,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa