Eye esi menye nusese kple anukutsyɔtsyɔ via ɖe wònye dzɔ ɖe woawo kple Paulo kple Barnaba dome o la, woɖo bena, Paulo kple Barnaba kpakple wo dometɔa ɖewo nayi apostolowo kple hamemegã, siwo le Yerusalem la gbɔ le biabia sia ta.
Eyata esi nyemele mia gbɔ o ŋuti la, meŋlɔ esiawo bena, ne mele mia gbɔ la, nyemagahe nya sesẽ le ŋusẽ, si Aƒetɔ la nam hena ame ƒe ŋgɔgbedede, eye menye eƒe gbegblẽ o la nu o.
Elabena le fukpekpe geɖe kple dzimexaxa me metsɔ adatsi geɖe ŋlɔ ɖo ɖe mi, menye bene wòana miaxa nu o, hafi bene miadze si lɔlɔ̃, si metsɔ lɔ̃ mi vevie wu la.