Elabena mele vɔvɔ̃m bena, ne meva mia gbɔ la, nyemakpɔ mi abe alesi mele didim ene o, eye miawo la míakpɔ nye hã, abe alesi miele didim o ene; bena dzrewɔwɔwo, ŋuʋaʋãwo, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, ameŋuzɔzɔwo, sakplisasawo, ɖokuidodoɖedziwo, nyamanyamawɔwɔwo anɔ anyi,
Eyata esi nyemele mia gbɔ o ŋuti la, meŋlɔ esiawo bena, ne mele mia gbɔ la, nyemagahe nya sesẽ le ŋusẽ, si Aƒetɔ la nam hena ame ƒe ŋgɔgbedede, eye menye eƒe gbegblẽ o la nu o.
Ke mele kuku ɖem na Mawu bena, miagawɔ nuvɔ̃a ɖeke o, menye bena míawo miedze ƒã abe ame likewo ene o; ke boŋ bene miawo miawɔ nu nyui la, ke míawo la míanɔ abe ame malikewo ene.